1 John 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Mido gbɔgbɔwo kpɔ
1Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagbɔɖila geɖewo kaka ɖe xexea me. 2Ale si míatsɔ dze si Mawu ƒe Gbɔgbɔe nye esi: Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si ɖe gbeƒã be Yesu Kristo va le ŋutilã me la tso Mawu gbɔ. 3Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexea me xoxo.
4Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me. 5Wotso xexea me, eya ta woƒoa nu le xexea me ƒe nugɔmesese nu, eye xexea me ɖoa to wo. 6Míawo ya míetso Mawu gbɔ, eye ame sia ame si nya Mawu la ɖoa to mí; ke ame si metso Mawu gbɔ o la meɖoa to mí o. Esiae na míedzea si Nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ.
7Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la, wodzii tso Mawu me, eye wònya Mawu. 8Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃. 9Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me. 10Esiae nye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene. 11Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la, ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo. 12Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ke ne míelɔ̃ mía nɔewo la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía me, eye eƒe lɔlɔ̃ ade blibo le mía me.
13Míenyae bena míele agbe le eya amea me, eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me. 14Míekpɔe, eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be wòanye xexea me ƒe Ɖela. 15Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me, eye eya hã le Mawu me. 16Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si Mawu tsɔ lɔ̃a mi, eye míexɔ edzi se.
Mawue nye lɔlɔ̃, eye ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me. 17Ewɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome, ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ. 18Vɔ̃vɔ aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o.
19Míelɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu tre mía lɔlɔ̃. 20Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ, elabena ame sia ame si melɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔna o. 21Mawu ŋutɔ de se na mí be ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.

Did you know?
Testing Spirits and the Love That Comes from God
- Readers addressed as beloved are told not to believe every spirit but to test the spirits, for many false prophets have gone out into the world. The Spirit of God is recognized when a spirit confesses that Jesus Christ has come in the flesh; every spirit that does not confess Jesus is not from God and is the spirit of the antichrist, already in the world.Sources: the Bible text itself
- Love comes from God, and God is love, so whoever does not love does not know God. God’s love was revealed by sending His one and only Son into the world as the atoning sacrifice for sins, and those who have been so loved are told they ought to love one another.Sources: the Bible text itself
- No one has ever seen God, but if we love one another, God remains in us and His love is perfected in us. Anyone who says “I love God” but hates his brother is a liar, since the one who does not love his brother, whom he has seen, cannot love God, whom he has not seen, and the commandment is that whoever loves God must also love his brother.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org