Nations Bible

1 John 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene

1Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o. 2Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene. 3Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadzɛe abe ale si eya hã le dzadzɛe ene.

4Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la da sea dzi. Le nyateƒe me la, nu vɔ̃ nye sedzimawɔmawɔ. 5Ke ele nyanya me na mi be ɖe wòva be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ayii. Nu vɔ̃ aɖeke mele eya ŋutɔ ƒe agbe me o. 6Ne ame aɖe le agbe le eya amea me la, amea meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o. Ne ame aɖe ganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi edziedzi la, ekema ame sia mekpɔe o loo, alo nyae o.

7Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame si wɔa nu nyui la, enye ame dzɔdzɔe abe ale si eya hã le dzɔdzɔe ene. 8Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo. 9Ame si wodzi le Mawu me la meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi o, elabena Mawu ƒe kutsetse le eme. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃ o, elabena wodzii tso Mawu me. 10To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple Abosam ƒe viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.

11Esiae nye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea, be ele be míalɔ̃ mía nɔewo. 12Miganɔ abe Kain ene o. Le esi wònye Abosam ƒe ame ta la, ewu nɔvia. Nu ka ta wòwu nɔvia? Elabena, eƒe wɔnawo vɔ̃ɖi, ke nɔvia ƒe wɔnawo le dzɔdzɔe. 13Nɔvinyewo, ne xexea me lé fu mi la, megawɔ nuku na mi kura o. 14Míenya be míeto ku me yi agbe me, elabena míelɔ̃a mía nɔewo. Ame si melɔ̃a ame o la, gale ku ƒe asi me. 15Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula, eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o.

16Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo. 17Ne xexemenuwo le ame aɖe si fũu, eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ, eye mekpɔ nublanui nɛ o la, aleke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme? 18Vinye lɔlɔ̃awo, migana míalɔ̃ mía nɔewo kple nya, alo kple aɖe ɖeɖe ko o, ke boŋ le nuwɔnawo kple nyateƒe me.

19Ekema esia nye ale si míenyana be míenye nyateƒe la tɔ kple ale si míeɖea dzi ɖi le eŋkume 20ɣe sia ɣi si míaƒe dzitsinya bu fɔ mí, elabena Mawu lolo wu míaƒe dziwo, eye wònya nu sia nu. 21Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume, 22eye nu sia nu si míabiae la, míaxɔe, elabena míewɔ eƒe sewo dzi, eye míewɔ nu si dzea eŋu. 23Eƒe sedede nye esia be míaxɔ via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si wòde se na mí ene. 24Ame siwo wɔna ɖe eƒe sewo dzi la nɔa agbe le eme, eye eya hã nɔa wo me. Eye aleae míenyana be ele agbe le mía me: Míenyae to Gbɔgbɔ si wòna mí la dzi.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Children of God and brotherly love

  • The warning not to be like Cain recalls Adam and Eve's firstborn, a tiller of the ground, whose brother Abel followed a pastoral life. They presented offerings: Abel's, of the firstlings and the fat of his flock, was accepted as more excellent, and Cain, whose offering was of the fruit of the ground, became very angry. The letter says Cain belonged to the evil one and murdered Abel because his own deeds were evil and his brother's were righteous.Sources: Cain · the Bible text itself
  • In this chapter, hating a brother is treated as murder: everyone who hates his brother is a murderer, and eternal life does not reside in a murderer. Love is known because Jesus laid down his life for us, and the readers are told they ought to lay down their lives for their brothers.Sources: the Bible text itself
  • The children of God are distinguished from the children of the devil by practicing righteousness and by loving one's brother. The message heard from the beginning is that we should love one another, and God's commandment is to believe in the name of his Son, Jesus Christ, and to love one another as he commanded.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.