Zacarias 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Woatsrɔ̃ Yerusalem ƒe futɔwo
1Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Israel ŋu,
Yehowa si wɔ dziƒo kple anyigba, eye wòwɔ gbɔgbɔ de ame me, eyae gblɔ be, 2“Mawɔ Yerusalem wòanye kplu si ne ame siwo ƒo xlãe noe la, woamu. Woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem. 3Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi. 4Gbe ma gbe la, made vɔvɔ̃ sɔ ɖe sia ɖe me, eye matsɔ tsukuku ada ɖe wo dolawo dzi.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋkuwo anɔ Yuda ƒe aƒe la ŋuti ɖaa, ke magbã ŋku na dukɔwo ƒe sɔwo. 5Ekema Yuda ƒe kplɔlawo agblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yerusalemtɔwo sesẽ, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae nye woƒe Mawu.’
6“Gbe ma gbe la, mawɔ Yuda ƒe kplɔlawo woanɔ abe dzoɖenu le nake si woƒo kɔe la dzi ene. Woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒuwo dome ene. Woabi ame siwo ƒo xlã wo, ɖusime kple miame siaa, ke Yerusalem ya anɔ te sesĩe.
7“Yehowa aɖe Yuda ƒe nɔƒewo gbã, ale be bubu si le David ƒe aƒe la kple Yerusalem me nɔlawo ŋu la malolo wu Yudatɔ o. 8Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene. 9Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ dukɔ siwo katã tso ɖe Yerusalem ŋu.
Konyifafa le ame si wotɔ nui la ŋu
10“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene. 11Gbe ma gbe la, avi aɖi hoo le Yerusalem abe ale si Hadad Rimon fa avi vevie le Megido ƒe balime ene. 12Anyigba la katã afa avi; to ɖe sia ɖe afa avi na eɖokui, eye wo srɔ̃wo anɔ wo gbɔ: to si tso David ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, to si tso Natan ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, 13to si tso Levi ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, Simei ƒe to kple wo srɔ̃wo, 14eye to mamlɛawo katã hã kple wo srɔ̃wo.”

Você sabia?
Livramento e pranto em Jerusalém
- A referência ao pranto em Hadade-Rimom, na planície de Megido, recorda a dor nacional pelo rei Josias, que foi mortalmente ferido perto daquele local. O amplo vale de Megido era um corredor estratégico e um frequente campo de batalha na Antiguidade.Fontes: Hadad-rimmon · Megiddo · o próprio texto bíblico
- A profecia lista famílias específicas em pranto separado, incluindo as linhagens reais de Davi e seu filho Natã, bem como a casa sacerdotal de Levi. Isso enfatiza que o profundo lamento e a reflexão pessoal alcançariam todos os estratos da sociedade, desde os governantes até cada família individualmente.Fontes: David · Nathan · Levi (patriarch) · o próprio texto bíblico
- Jerusalém é descrita por meio de imagens vívidas, como uma pedra pesada e inamovível que fere quem tenta erguê-la, e um cálice que embriaga os exércitos invasores. Essas metáforas destacam a defesa divina sobre a cidade contra as nações que a cercam.Fontes: Jerusalem · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 3, 5, 6, 7, 8, 9, 10, 11
- Megiddo · Hoje: Tel Megiddo · 32.585, 35.184 · versículo 11
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org