Romanos 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye dzimedidi kple nye gbedodoɖa na Mawue nye be Israeltɔwo nakpɔ ɖeɖe. 2Elabena mate ŋu aɖi ɖase tso wo ŋu be wotsɔa dzo ɖe Mawu ŋuti, gake womewɔa esia kple sidzedze o. 3Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o. 4Se la ƒe nuwuwue nye Kristo, be ame sia ame si xɔ edzi se la nakpɔ dzɔdzɔenyenye.
5Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye si tso se la me la ŋuti be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.” 6Ke dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la gblɔ be, “Mègagblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae ayi dziƒo mahã?’ ” (Esia fia be woatsɔ Kristo ava anyigba dzi) 7“alo ‘Ame kae ayi tsiẽƒe mahã?’ ” (Esia fia be woana Kristo nagatsi tsitre tso ame kukuwo dome). 8Ke nya ka wògblɔ? “Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie; ele wò nu me, eye wòle wò dzi me hã.” Esia nye xɔse si ŋu míele gbeƒã ɖem le la. 9Elabena ne ètsɔ wò nu ʋu eme be Yesue nye Aƒetɔ, eye nèxɔe se tso wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe. 10Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ. 11Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, “Ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o.” 12Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa, 13elabena, “Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.”
14Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? 15Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!”
16Gake menye Israeltɔwo katãe xɔ nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nyawo dzi se mahã?” 17Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana. 18Ke mele biabiam be: Ɖe womese nya la o mahã? Ɛ̃, vavãe, wosee:
“Wogblɔ nyanyui la le anyigba ƒe akpa sia akpa,
eye woƒe nyawo de xexea me ƒe seɖoƒe ke.
19Megale biabiam ake be: Ɖe Israeltɔwo mese nya la gɔme oa? Mosee nye ame gbãtɔ gblɔ be,
“Mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ si menye dukɔ o la ŋu;
eye mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.”
20Ke Yesaya do dzi gblɔ bena,
“Ame siwo medim o la kpɔm,
eye meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o la.”
21Ke le Israel ŋuti la, egblɔ bena,
“Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo na dukɔ si meɖoa to o la,
ke wole ɖeklemiɖeɖe dzi, eye wogbea vava.”

Você sabia?
A justiça pela fé
- O capítulo começa com o desejo do coração e uma oração a Deus pela salvação dos israelitas. O autor testemunha que eles têm zelo por Deus, mas não com base no conhecimento: como eram ignorantes da justiça de Deus e buscavam estabelecer a sua própria, não se submeteram à justiça de Deus. Cristo, diz o texto, é o fim da lei, para trazer justiça a todo aquele que crê.Fontes: o próprio texto bíblico
- Sobre a justiça que vem pela lei, Moisés escreve: "O homem que faz estas coisas viverá por elas". A justiça que vem pela fé diz, em vez disso, que a palavra está perto, na boca e no coração — a palavra da fé que está sendo anunciada: se você confessar com a boca "Jesus é Senhor" e crer no coração que Deus o ressuscitou dos mortos, será salvo. Não há diferença entre judeu e grego, pois o mesmo Senhor é Senhor de todos.Fontes: o próprio texto bíblico
- O capítulo cita Isaías: "Senhor, quem creu na nossa mensagem?" e as palavras ousadas de Isaías: "Fui encontrado por aqueles que não me buscaram" e, a respeito de Israel: "O dia inteiro tenho estendido as minhas mãos a um povo desobediente e obstinado". Isaías era filho de Amós e profetizou durante os reinados de Uzias, Jotão, Acaz e Ezequias. Easton's Bible Dictionary (1897) diz que ele provavelmente começou sua carreira em 762 a.C.Fontes: o próprio texto bíblico · Isaiah
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org