Nations Bible

Apocalipse 16

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo

1Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo be, “Miyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo kɔ ɖe anyigba dzi.” 2Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku kple abi si nana wosea veve la kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, eye wosubɔ eƒe legba la dome.

3Mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu ʋu si le abe ame kuku tɔ ene, eye nu gbagbe ɖe sia ɖe ku le atsiaƒu la me. 4Mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye woawo hã trɔ zu ʋu. 5Tete mese mawudɔla si kpɔa tsinyawo dzi la gblɔ be,

“Wò la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo le eteƒe.

Wò, kɔkɔetɔ si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ la,

Wò afiatsotsowo le eteƒe,

6elabena wokɔ wò ame kɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi,

eye nèkpe ʋu na wo be woano abe ale si dze wo ene.”

7Mese vɔsamlekpui la ɖo eŋu be,

“Ɛ̃, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,

wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.”

8Mawudɔla enelia trɔ eƒe kplu la ɖe ɣe dzi, eye wòna ŋusẽ ɣe la be wòatsɔ dzo ƒe ŋusẽ aɖu amewoe. 9Ɣe la ɖu wo vevie ale gbegbe be woƒo fi de Mawu ƒe ŋkɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔvɔ̃ siawo dzi la. Ke wogbe be yewomatrɔ dzi me atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ o.

10Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi, eye viviti nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta, 11eye woƒo fi de dziƒo ƒe Mawu la le woƒe vevesesewo kple abi siwo woxɔ la ta, gake wogbe be yewomatrɔ le yewoƒe nuwɔnawo yome o.

12Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la me, eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo. 13Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃ siwo ɖi akpɔkplɔwo la. Wodo tso ʋɔ driba la ƒe nu me kple lã wɔadã la ƒe nu me kple aʋatsonyagbɔɖila la ƒe nu me. 14Wonye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le nukunuwo wɔm la, eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ, ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi.

15“Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ, eye wògale eƒe awuwo me la, be masi adzo amamae, eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.”

16Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon.

17Mawudɔla adrelia tsɔ eƒe kplu la trɔ ɖe yame, eye gbe gã aɖe ɖi tso gbedoxɔ la me kple fiazikpui la gbɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Wowu enu vɔ!” 18Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣeyiɣi si wowɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ. 19Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ. 20Ƒukpo ɖe sia ɖe si dzo, eye womegakpɔ towo gɔ̃ hã o. 21Tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta, elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

As sete taças da ira

  • O nome Armagedom aparece somente em Apocalipse 16:16, onde os reis se reúnem para a batalha; a Revised Version inglesa grafa Har-Magedon. O Easton's Bible Dictionary (1897) diz que a palavra significa propriamente monte de Megido e a trata como nome simbólico desse campo de batalha, imagem sugerida pelo grande campo de batalha do Antigo Testamento, a planície de Esdrelão.Fontes: Armageddon · o próprio texto bíblico
  • A sexta taça é derramada sobre o grande rio Eufrates, e a água seca para preparar o caminho dos reis do Oriente. O Easton's Bible Dictionary deriva o nome grego Eufrates do persa Ufratush, com o sentido de água doce, e observa que o nome assírio significa a corrente ou a grande corrente. Na Bíblia, esse rio muitas vezes é chamado simplesmente de o rio (Êxodo 23:31) ou de o grande rio (Deuteronômio 1:7).Fontes: Euphrates · o próprio texto bíblico
  • Quando a sétima taça é derramada, o texto diz que Deus se lembrou da grande Babilônia. O Easton's Bible Dictionary identifica Babilônia como a forma grega de Babel, a partir do nome semítico Babilu, a Porta de Deus, cidade que ficava às margens do Eufrates, cerca de duzentas milhas acima do ponto em que o rio encontra o Tigre.Fontes: Babylon · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • East · Hoje: region around Amman · 31.955, 35.934 · versículo 12
  • Euphrates · Hoje: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 12
  • Babylon · Hoje: Rome · 41.892, 12.485 · versículo 19

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.