Números 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Se le ame makɔmakɔwo ƒe asaɖamenɔnɔ ŋu
1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me. 3Woawɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nenema. Miɖe wo ɖa ale be womagblẽ kɔ ɖo na asaɖa la, afi si mele le mia dome la o.” 4Ale Israelviwo wɔ Yehowa ƒe se la dzi eye woɖe ame siawo katã ɖa le asaɖa la me.
Teƒeɖoɖo na vodadawo
5Yehowa gblɔ na Mose be, 6“Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu alo nyɔnu da vo ɖe ame aɖe ŋu le mɔ aɖe nu eye wòto nu ma me meɖi anukware na Yehowa o la, ame ma ɖi fɔ. 7Ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me eye wòaxe fe ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. Gawu la, agbugbɔ nu la na nutɔ eye wòagatsɔ nu la ƒe home akpa atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee na nutɔ la. 8Ke ne ame si ŋu wòwɔ nu vɔ̃ ɖo la ku eye eƒe ƒometɔ gobii aɖeke meli wòaxe fea na o la, ekema axee na Yehowa to nunɔla dzi eye wòagana alẽ ɖeka hena avuléle. 9Nu kɔkɔe ɖe sia ɖe si Israelviwo atsɔ vɛ na nunɔla aɖe la, anye nunɔlaa tɔ. 10Ame sia ame ƒe nu kɔkɔewo nye eya ŋutɔ tɔ, ke esi wòatsɔ na nunɔla la, anye nunɔla la tɔ.’ ”
Dodokpɔ na srɔ̃nyɔnu si wɔ ahasi
11Eye Yehowa gblɔ na Mose be, 12“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ tra mɔ, meɖi anukware nɛ o, 13eye ŋutsu bubu de asi eŋu, nu sia le ɣaɣla ɖe srɔ̃a, eye womenya be egblẽ kɔ ɖo o (elabena ɖasefo aɖeke meli ɖe eŋu o, eye womelée asiasi o), 14ne ŋutsu la le ŋu ʋãm, eye wòbu be ye srɔ̃ gblẽ kɔ ɖo, alo ne eʋã ŋu togbɔ be srɔ̃a megblẽ kɔ ɖo o hã la, 15ele be ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ayi nunɔla gbɔ. Nu si wòana nunɔla ɖe srɔ̃a tae nye luwɔ lita ɖeka. Womakɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi o, elabena enye nuɖuvɔsa ɖe ŋuʋaʋã ta kple ŋkuɖodzivɔsa si ahe woƒe susu ayi ɖe fɔɖiɖi gbɔe.
16“ ‘Nunɔla la akplɔ nyɔnu la ayi Yehowa ŋkume, 17aku tsi kɔkɔe ɖe anyikplu aɖe me, eye wòaku agbadɔ la me ke akɔ ɖe tsi la me. 18Ne nunɔla la na nyɔnu la tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume vɔ la, akaka ɖa ɖe ta na nyɔnu la, atsɔ ŋkuɖodzivɔsa kple nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã ade nyɔnu la ƒe asi me. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi. 19Nunɔla la ana nyɔnu la naka atam, eye wòagblɔ nɛ be, “Ne ŋutsu bubu aɖeke medɔ kpli wò o, ne mèda afɔ, hegblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò esi nèle atsuƒe na srɔ̃wò o la, ekema tsi veve sia, si hea fiƒode vaa ame dzi la, megagblẽ nu le ŋutiwò o. 20Ke ne èda afɔ esime nèle srɔ̃wò gbɔ, nègblẽ kɔ ɖo, eye ŋutsu bubu, ame si menye srɔ̃wò o la de asi ŋuwò la,” 21ekema nunɔla la aka atam agblɔ fiƒodenyawo na nyɔnu la be, “Yehowa nana wò amewo naƒo fi ade wò, eye woagbe nu le gbɔwò; nena be wò ataŋuyi naflo ɖa, eye ƒo nadzi ɖe nuwò. 22Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nage ɖe lãme na wò ale be wò ƒodo nate ɖe nuwò, eye wò ataŋuyi naflo ɖa.”
“ ‘Ekema nyɔnu la axɔ ɖe edzi be, “Amen, neva eme nenema.”
23“ ‘Ekema nunɔla la aŋlɔ fiƒode siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpala nuŋɔŋlɔ la ɖe tsi veve la me. 24Nunɔla la ana nyɔnu la nano tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi sia age ɖe eƒe lãme, eye wòana fukpekpe kple vevesese nava eya amea dzi. 25Le esia megbe la, nunɔla la axɔ nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã le nyɔnu la si, anyee le yame le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔe ada ɖe vɔsamlekpui la dzi. 26Nunɔla la aku nuɖuvɔsa la ƒe asiʋlo ɖeka abe ŋkuɖodzivɔsa ene, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ana nyɔnu la nano tsi la. 27Ne nyɔnu la gblẽ kɔ ɖo, eye meto nyateƒe na srɔ̃a o, evɔ wona wòno tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi la age ɖe eƒe lãme, eye wòase veve vevie. Eƒe ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ataŋulã aflo ɖa, eye wòazu ɖiŋudonu le eƒe amewo dome. 28Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye wòdza la, woatso afia nɛ, eye wòagate ŋu adzi vi.
29“ ‘Esiae nye ŋuʋaʋãŋutise ne nyɔnu aɖe da afɔ, eye wògblẽ kɔ ɖo, esi wòle atsuƒe, 30alo ne ŋuʋaʋã xɔ ŋutsu aɖe me, elabena ebu nazã ɖe srɔ̃a ŋu. Nunɔla la ana nyɔnu la natsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume, eye wòawɔ se sia katã me dɔ na nyɔnu la. 31Womaɖe agɔdzedze aɖeke na srɔ̃ŋutsu la o, gake nu vɔ̃ yomedzenu anɔ nyɔnu la dzi.’ ”
Você sabia?
A Pureza do Acampamento e a Lei dos Ciúmes
- Para manter a pureza ritual do acampamento onde Deus habitava no meio do povo, qualquer pessoa com doença de pele, fluxo corporal ou contaminação por contato com um cadáver era enviada para fora do acampamento.Fontes: o próprio texto bíblico
- Quando alguém cometia um pecado contra o próximo, exigia-se confissão e restituição total acrescida de um quinto do valor à pessoa prejudicada ou a um parente, ou ao sacerdote se não houvesse parente.Fontes: o próprio texto bíblico
- A oferta de cereal apresentada pela mulher sob suspeita de infidelidade era de farinha de cevada sem azeite nem incenso, caracterizando-a como uma oferta memorial para trazer à luz a suspeita de iniquidade.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org