Números 32
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Dukɔ siwo le Yɔdan godo
1Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi. 2Eya ta wogblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kple toawo ƒe kplɔlawo be, 3“Atarɔt, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon ƒe 4anyigba siwo Yehowa xɔ le Israelviwo ŋkume la nyo na lãnyinyi, eye lãwo le wò dɔlawo si. 5Ne eve mía nu la ekema míeɖe kuku tsɔ anyigba sia na mí ɖe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ teƒe.”
6Mose bia wo be, “Ɖe miedi be yewoatsi afi sia ne mia nɔviwo ya natso tɔsisi la, eye woawo ɖeɖe nayi aɖawɔ aʋa kple afi ma tɔwoa? 7Ɖe miedi be yewoaɖe dzi le Israelviwo ƒo be womagatso tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do na wo oa? 8Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi. 9Esi wowu ŋkutsatsa la nu, eye wotrɔ tso Eskɔl ƒe balime gbɔ la, woɖe dzi le Israelviwo ƒo le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. 10Yehowa do dɔmedzoe gbe ma gbe, eye woka atam sia be, 11‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o. 12Wo dometɔ siwo ko ade Ŋugbedodonyigba la dzie nye Kaleb, Yefune, Kenizitɔ la ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, elabena woawo dze Yehowa yome kple woƒe dzi blibo, eye wode dzi ƒo na ameawo be woayi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ 13Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ.
14“Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi. 15Ne mietrɔ ɖa tso Mawu gbɔ alea la, ana ameawo naganɔ gbea dzi ɣeyiɣi didi aɖe wu, eye miahe ku vɛ na ameawo kple dzɔgbevɔ̃e va dukɔ blibo la dzi!”
16Woɖo eŋu be, “Míawɔ nenema o, ke boŋ míatu lãkpowo na míaƒe lãwo, eye míatso duwo na mía viwo ɖe afi sia. 17Míawo ŋutɔ míabla akpa, adze ŋgɔ na Israelvi bubuawo va se ɖe esime míakplɔ wo, woƒe asi naka woƒe domenyinu la dedie. Ke ele be míatso duwo, aɖo gli aƒo xlã wo na mía srɔ̃wo kple mía viwo gbã, ale be afi sia tɔwo maho aʋa ɖe wo ŋu o. 18Míatsi afi sia o, va se ɖe esime Israelviwo katã ƒe asi asu woƒe domenyinu la dzi. 19Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.”
20Mose gblɔ na wo be, “Enyo; ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi, abla akpa hena aʋawɔwɔ na Yehowa, 21eye miana miaƒe aʋawɔlawo nanɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ va se ɖe esime Yehowa nanya eƒe futɔwo ɖa la, 22ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ.
23“Ke ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi o la, ekema miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Minya be miaƒe nu vɔ̃ ƒe tohehe ava mia dzi kokoko. 24Mitso duwo na mia srɔ̃wo kple mia viwo, mitu lãkpowo na miaƒe lãwo, eye miwɔ nu siwo katã miegblɔ be yewoawɔ.”
25Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gblɔ be, “Míawɔ nu siwo katã nàɖo na mí be míawɔ la tututu. 26Mía viwo kple mía srɔ̃wo, míaƒe alẽwo kple nyiwo anɔ afi sia le Gilead du la me. 27Ke mí aʋawɔlawo katã ya la, míatso tɔsisi la ayi aɖawɔ aʋa na Yehowa abe ale si míaƒe aƒetɔ gblɔ ene.”
28Mose lɔ̃ ɖe edzi, eye wògblɔ na nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israelviwo ƒe towo ƒe kplɔlawo be, 29“Ne ame siwo wotia tso Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo dome be woayi aɖawɔ aʋa na Yehowa dometɔ ɖe sia ɖe tso Yɔdan tɔsisi la kple mi la, ekema ne miexɔ anyigba la le futɔwo si la, miatsɔ Gileadnyigba ana wo. 30Ke ne wogbe la, ekema woaxɔ anyigba le Kanaanyigba la dzi, le mi ame bubuawo dome.”
31Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gagblɔ be, “Míawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi. 32Míabla akpa nyuie adze Yehowa yome ayi Kanaan, ke míawo ya ƒe anyigba anɔ Yɔdan ƒe akpa sia.”
33Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã.
34Du siwo Gad ƒe viwo tso la woe nye: Dibon, Atarɔt kple Aroer, 35Atrɔt Sofan, Yazer kple Yogbeha, 36Bet Nimra kple Bet Haran. Woɖo gli ƒo xlã du siawo katã, eye lãkpowo nɔ wo me. 37Du siwo Ruben ƒe viwo tso la woe nye: Hesbon, Eleale kple Kiriataim, 38Nebo, Baal Meon kple Sibma. Emegbe la, Israelviwo trɔ ŋkɔ na du siawo dometɔ siwo woxɔ hegbugbɔ tu la.
39Manase ƒe viŋutsu, Makir yi Gileadnyigba dzi, nya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la ɖa, eye wòxɔe. 40Ale Mose tsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe vi Makir eye wonɔ afi ma. 41Manase ƒe viŋutsu, Yair ƒe dzidzimeviwo nɔ du geɖewo me le Gileadnyigba dzi. Wotrɔ ŋkɔ na woƒe nɔƒe be, Havrɔtyair, si gɔmee nye Yair ƒe duwo. 42Le ɣe ma ɣi me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Noba la kplɔ aʋakɔ aɖe yi Kenat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la me, eye wòxɔ wo. Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na teƒe la be Noba.

Você sabia?
O assentamento a leste do Jordão
- As tribos de Rúben e Gade possuíam rebanhos muito numerosos e pediram para se estabelecer nas férteis pastagens de Jazer e Gileade, a leste do rio Jordão. De início, Moisés temeu que o pedido desanimasse as outras tribos, lembrando como o relatório infiel dos espias em Cades-Barneia causou quarenta anos de peregrinação no deserto.Fontes: o próprio texto bíblico · Gad · Gilead
- Para resolver a questão, Rúben e Gade propuseram construir currais para os seus animais e cidades fortificadas para as suas famílias, enquanto os seus homens armados cruzariam o Jordão à frente dos outros israelitas para lutar até o fim da conquista.Fontes: o próprio texto bíblico
- Moisés concordou e dividiu os territórios conquistados dos reis amorreus Seom e Ogue entre Rúben, Gade e a meia tribo de Manassés. Os descendentes de Maquir, filho de Manassés, expulsaram os amorreus restantes para ocupar Gileade, enquanto outros clãs tomaram e renomearam povoados vizinhos.Fontes: o próprio texto bíblico · Machir
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículos 1, 26, 29, 39, 40, 41
- Beon · Hoje: Ma‘in · 31.680, 35.735 · versículo 3
- Dibon · Hoje: Tall Dhiban · 31.502, 35.777 · versículos 3, 34
- Nimrah · Hoje: Tall Bleibel · 31.909, 35.639 · versículo 3
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 5, 19, 21, 22, 29, 32
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 11
- Canaan · 32.767, 35.333 · versículos 30, 32
- Bashan · 32.781, 35.935 · versículo 33
- Havvoth-jair · 32.588, 35.726 · versículo 41
- Nobah · Hoje: Qanawat · 32.756, 36.619 · versículo 42
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org