Nations Bible

Números 28

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Gbe sia gbe ƒe vɔsawo

1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’ 3Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe. 4Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me. 5Woatsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee kilogram ɖeka si wobaka kple ami lita ɖeka. 6Esia nye dzovɔsa si meɖo na mi le Sinai to la dzi be miatsɔ wo nam le ɣeyiɣi ɖoɖoawo dzi, wòanye dzovɔ si wosa na Yehowa, eye wòʋẽna lĩlĩlĩ. 7Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume. 8Mitsɔ alẽvi evelia sa vɔe le fiẽ me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ma ke akpe ɖe eŋu. Esia hã nye dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la na Yehowa.

Sabat ƒe vɔsawo

9“Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami. 10Esia nye Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe ƒe numevɔsa hekpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa ŋu.”

Ɣleti sia ɣleti ƒe vɔsawo

11“Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woagasa numevɔ bubu na Yehowa kpe ɖe esi wosana gbe sia gbe la ŋu. Woasa vɔ sia kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye lã si de blibo le go ɖe sia ɖe me. 12Nu siwo woatsɔ akpe ɖe vɔsalã siawo ŋu lae nye: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami lita ene kple afã abe nuɖuvɔsa ene kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee kilogram eve si wobaka kple ami kilogram eve abe nuɖuvɔsa ene nazɔ kple agbo la, 13eye woatsɔ wɔ memee si wobaka kple ami lita eve abe nuɖuvɔsa ene la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woame vɔsa sia; ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. 14Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me.

Ŋutitotoŋkekenyui la

15“Emegbe la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, miana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa si miesana la ŋuti.

16“Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi. 17Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o. 18Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. 19Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la asa numevɔ na Yehowa. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye esi de blibo. 20Misa numevɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami la asa vɔe kpe ɖe alẽvi la ŋu, 21eye miatsɔ wɔ ma lita eve akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 22Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka hã asa nu vɔ̃ ŋuti vɔe, ale be mialé avu ɖe mia ɖokuiwo ta. 23Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe vɔ siwo miesana la ŋuti. 24Miasa vɔ sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ. 25Le ŋkeke adrea gbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o.

Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui

26“Le kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe, atso aseye le nuŋeŋe yeye la ta. Gbe ma gbe la, ele be miatsɔ nuku yeye siwo mieŋe la ƒe gbãtɔ na Yehowa abe nuɖuvɔsa ene. Ame aɖeke mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. 27Woasa numevɔ tɔxɛ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la gbe ma gbe kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko. 28Miatsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee si wobaka kple ami lita ade kple afã akpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ ma lita ene kple afã, si wobaka kple ami la akpe ɖe agbo la ŋu, eye 29wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 30Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta. 31Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo.”

Você sabia?

Ofertas para Dias, Meses e Festas

  • O ritual diário exigia dois cordeiros machos de um ano e sem defeito, um oferecido pela manhã e o outro ao entardecer, acompanhados de flor de farinha misturada com azeite de olivas prensadas e uma oferta de libação derramada no santuário. Esse ritmo contínuo foi estabelecido originalmente no monte Sinai.Fontes: o próprio texto bíblico · Mount Sinai
  • Os sacrifícios prescritos para ocasiões sagradas — como o sábado semanal, as luas novas mensais, a Páscoa e a Festa das Semanas — não substituíam a oferta diária, mas eram apresentados além dos holocaustos regulares da manhã e da tarde.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.