Nations Bible

Números 26

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Amexexlẽ evelia

1Esi dɔvɔ̃ la nu tso la, Yehowa gblɔ na Mose kple Eleazar, si nye nunɔla Aron ƒe viŋutsu be, 2“Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema ne miakpɔ ame siwo ate ŋu ayi aʋa tso to ɖe sia ɖe kple hlɔ̃ ɖe sia ɖe me.” 3Ale le Moab tagba, le Yɔdan gbɔ tso Yeriko, Mose kple Eleazar, nunɔla la, ƒo nu kple wo, eye wogblɔ be, 4“Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.”

5Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi.

Ruben ƒe viwoe nye Hanok, ame si dzi Hanok hlɔ̃ la.

Palu, ame si dzi Palu hlɔ̃ la,

6Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la,

Karmi, ame si dzi Karmi hlɔ̃ la. 7Esiawoe nye Ruben ƒe hlɔ̃metɔwo; ame siwo wotia xlẽ le wo me la le ame akpe blaene-vɔ-etɔ̃, alafa adre blaetɔ̃ (43,730).

8Palu ƒe vie nye Eliab, 9eye Eliab ƒe viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Ame eve siawo, Datan kple Abiram woe nye ame siwo wɔ ɖeka kple Korah ɖe Mose kple Aron ŋu, to esia me wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. 10Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ (250) wòzu ŋkuɖodzinu. 11Ke hã la, Korah ƒe viwo katã metsrɔ̃ o.

12Simeon ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

Nemuel, ame si dzi Nemuel hlɔ̃ la,

Yamin, ame si dzi Yamin hlɔ̃ la,

Yakin, ame si dzi Yakin hlɔ̃ la,

13Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la,

Saul, ame si dzi Saul hlɔ̃ la. 14Simeon ƒe hlɔ̃metɔwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa eve (22,200).

15Gad ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

Zefon, ame si dzi Zefon hlɔ̃ la,

Hagi, ame si dzi Hagi hlɔ̃ la,

Suni, ame si dzi Suni hlɔ̃ la,

16Ozni, ame si dzi Ozni hlɔ̃ la,

Eri, ame si dzi Eri hlɔ̃ la,

17Arɔd, ame si dzi Arɔd hlɔ̃ la,

Areli, ame si dzi Areli hlɔ̃ la. 18Esiawoe nye Gad ƒe viŋutsuwo, ame siwo wotia xlẽ la ƒe xexlẽme le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500).

19Yuda ƒe viwoe nye Er kple Onan, ame siwo ku le Kanaanyigba dzi.

20Yuda ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

Sela, ame si dzi Sela hlɔ̃ la,

Perez, ame si dzi Perez hlɔ̃ la,

Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la,

21Perez ƒe viŋutsuwoe nye:

Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la;

Hamul, ame si dzi Hamul hlɔ̃ la. 22Ame siwo wotia xlẽ le Yuda ƒe ƒome me la le ame akpe blaadre-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (76,500).

23Isaka ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me woe nye:

Tola, ame si dzi Tola hlɔ̃ la,

Puva, ame si dzi Puva hlɔ̃ la.

24Yasub, ame si dzi Yasub hlɔ̃ la;

Simrɔn, ame si dzi Simrɔn hlɔ̃ la. 25Ame siwo wotia xlẽ le Isaka ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaade-vɔ-ene alafa etɔ̃ (64,300).

26Zebulon ƒe viŋutsuwo le woƒe towo nue nye:

Sered, ame si dzi Sered hlɔ̃ la,

Elon, ame si dzi Elon hlɔ̃ la,

Yahlil, ame si dzi Yahlil hlɔ̃ la. 27Ame siwo wotia xlẽ le Zebulon ƒe ƒome me la le ame akpe blaade, alafa atɔ̃ (60,500).

28Yosef ƒe viwoe nye Manase kple Efraim:

29Manase ƒe viŋutsuwoe nye:

Makir, ame si dzi Makir hlɔ̃ la (Makir dzi Gilead),

eye Gilead hlɔ̃ la.

30Gilead ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye esiawo.

Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la,

Helek, ame si dzi Helek hlɔ̃ la,

31Asriel, ame si dzi Asriel hlɔ̃ la,

Sekem, ame si dzi Sekem hlɔ̃ la,

32Semida, ame si dzi Semida hlɔ̃ la,

Hefer, ame si dzi Hefer hlɔ̃ la,

33(Zelofehad, medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuviwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.) 34Esiawoe nye Manase ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre (52,700).

35Efraim ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

Sutela, ame si dzi Sutela hlɔ̃ la,

Beker, ame si dzi Beker hlɔ̃ la,

Tahan, ame si dzi Tahan hlɔ̃ la.

36Sutela vi nye Eran, ame si dzi Eran hlɔ̃ la. 37Ame siawoe nye Efraim ƒe viŋutsuwo. Ame siwo wotia xlẽ la le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa atɔ̃ (32,500).

38Benyamin ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

Bela, ame si dzi Bela hlɔ̃ la,

Asbel, ame si dzi Asbel hlɔ̃ la,

Ahiram, ame si dzi Ahiram hlɔ̃ la,

39Sefufam, ame si dzi Sefufam hlɔ̃ la,

Hufam, ame si dzi Hufam hlɔ̃ la,

40Bela viwoe nye Ard kple Naaman:

Ard, ame si dzi Ard hlɔ̃ la,

Naaman, ame si dzi Naaman hlɔ̃ la. 41Esiawoe nye Benyamin ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ alafa ade (45,600).

42Dan viwoe nye esi le woƒe ƒome nu:

Suham, ame si dzi Suham hlɔ̃ la. 43Wo katã nye Suham hlɔ̃ si ƒe xexlẽme nye ame akpe blaade-vɔ-ene, alafa ene (64,400).

44Aser ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye:

Imna, ame si dzi Imna hlɔ̃ la,

Isvi, ame si dzi Isvi hlɔ̃ la,

Beria, ame si dzi Beria hlɔ̃ la.

45Woma Beria hlɔ̃ la ɖe akpa eve me:

Heber hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe viŋutsu Heber me,

Malxiel hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe vi Malxiel me. 46Aser ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Sera. 47Ame siwo wotia xlẽ le Aser ƒe viwo ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400).

48Naftali ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye:

Yahzil, ame si dzi Yahzil hlɔ̃ la,

Guni, ame si dzi Guni hlɔ̃ la,

49Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la,

Silem, ame si dzi Silem hlɔ̃ la. 50Ame siwo wotia xlẽ le Naftali ƒe hlɔ̃ me la nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ene (45,400).

51Ale Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ade aʋa la de ame akpe alafa ade kple ɖeka, alafa adre blaetɔ̃ (601,730).

52Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be, 53“Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene. 54To siwo me amewo sɔ gbɔ le la, woaxɔ anyigba wòalolo, eye to siwo me amewo mesɔ gbɔ le o la ƒe anyigba nanɔ sue. 55Yehowa ɖo na Mose be, Kpɔ egbɔ be yewodzidze nu hafi ma anyigba la, eye woaxɔ domenyinu ɖe wo fofowo ƒe towo ƒe ŋkɔ nu. 56Woama domenyinu ɖe sia ɖe to akɔdada me ɖe to gãwo kple to suewo siaa dome.”

57Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ siwo me woxlẽ ame le le amexexlẽa me la kple ame siwo me wodzɔ tso la woe nye:

Gerson dzi Gerson hlɔ̃;

Kohat dzi Kohat hlɔ̃;

Merari dzi Merari hlɔ̃.

58Levi ƒomea me tɔwoe nye,

Libni ƒomea,

Hebroni ƒomea,

Mahli ƒomea,

Musi ƒomea kple Korah ƒomea.

(Kohat nye Amram tɔgbui. 59Amram srɔ̃ ŋkɔe nye Yohebed, Levi ƒe dzidzimevi, ame si wòdzi na Levi ƒe viwo le Egipte. 60Aron ƒe viŋutsuwoe nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. 61Nadab kple Abihu woku esi wodo dzudzɔ makɔmakɔ na Yehowa.)

62Levi ƒe vi siwo katã woxlẽ wonye ŋutsuwo, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000). Ke womebu Levi ƒe viwo de Israelviwo ƒe amexexlẽ ƒe nukpɔkpɔ blibo la me o, elabena womena anyigba Levi ƒe viwo esi woma anyigba ɖe toawo dome o.

63Ale esiae nye Israelvi siwo Mose kple nunɔla Eleazar tia xlẽ le Moab gbegbe le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. 64Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã menɔ ame siwo Mose kple nunɔla Eleazar xlẽ esime woxlẽ Israelviwo le Sinai gbegbe la dome o. 65Elabena Yehowa gblɔ na Israelvi mawo be, woaku godoo le gbegbe la; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O segundo censo nas campinas de Moabe

  • Este segundo censo militar foi realizado por Moisés e pelo sumo sacerdote Eleazar nas campinas de Moabe, junto ao Jordão, em frente a Jericó. Foram contados 601.730 homens de vinte anos para cima aptos para o exército, servindo de base para a divisão da terra prometida por sorteio entre as tribos de acordo com o seu tamanho.Fontes: o próprio texto bíblico · Eleazar · Moab
  • O censo assinalou uma mudança geracional completa: de todos os israelitas contados originalmente no monte Sinai, nenhum homem continuava vivo, com exceção de Calebe, filho de Jefoné, e Josué, filho de Num.Fontes: o próprio texto bíblico · Sinai
  • Os levitas foram contados separadamente das demais tribos, totalizando 23.000 homens de um mês de idade ou mais. Visto que não receberiam uma herança territorial entre os outros israelitas, eles não foram incluídos no censo geral.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jericho · Hoje: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículos 3, 63
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 3, 63
  • Moab · Hoje: Moab 2 · 31.840, 35.674 · versículos 3, 63
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 4, 59
  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 19
  • Wilderness of Sinai · Hoje: about 50 km around Jebel Musa · 28.540, 33.973 · versículo 64

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.