Nations Bible

Números 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Israelviwo gbã Arad

1Arad fia, tso Kanaanyigba dzi ƒe ŋkutsalawo to mɔ ɖeka kple Israelviwo. Esi Arad fia se be Israelviwo to Atarim mɔ gbɔna la, eho aʋa ɖe Israelviwo ŋu, eye wòɖe aboyo woƒe ame aɖewo. 2Israelviwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ana yewoaɖu Arad fia kple eƒe amewo dzi la, yewoagbã du siwo katã le afi ma la gudugudu. 3Yehowa se woƒe kokoƒoƒo, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Israelviwo gbã woƒe duwo gudugudu. Wona ŋkɔ teƒe ma tso ɣe ma ɣi be, “Horma” si gɔmee nye “Afi si wogbã duwo le gudugudu.”

Akɔblida la

4Israelviwo trɔ yi Hor to la dzi, eye woɖo ta anyigbeme lɔƒo to mɔ si ɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ la dzi be yewoaƒo xlã Edomnyigba. Nu sia ɖe dzi le Israelviwo ƒo ŋutɔ. 5Wode asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mawu kple Mose ŋu be, “Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte be míava ku ɖe gbedzi le afi sia? Naneke mele afi sia míaɖu o, tsi meli míano o, mana sia hã va ti mí azɔ.”

6Ale Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe Israelviwo dome woɖu ame geɖewo, eye woku. 7Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta.

8Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli nàwɔ nu si aɖi da siawo dometɔ ɖeka la da ɖe ati tutu aɖe tame. Ame sia ame si da aɖu la, ne ekpɔ akɔblida la ko la, atsi agbe!” 9Ale Mose wɔ akɔblida la, eye wòkɔe tɔ ɖe ati si wotu la nu. Ne da ɖu ame aɖe, eye wòwu mo dzi kpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe.

Mɔzɔzɔ yi Moab

10Israelviwo tso afi sia yi Obot. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. 11Tso Obot la, woyi Iye Abarim le gbedzi afi si te ɖe Moab ƒe ɣedzeƒe ŋu. 12Woƒu asaɖa anyi ɖe Zered tɔʋu la ƒe balime. 13Wotso eme yi Arnon tɔsisi la ƒe akpa kemɛ si te ɖe Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu. Arnon tɔsisi lae nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome. 14Eya ta woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe Agbalẽ la me be,

Zahad le Sufa kple Arnon tɔsisi la, 15tɔʋu la me tsi,

si ɖo ta Ar nutowo me

eye wòdo liƒo na Moabtɔwo.

16Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.”

17Israel dzi ha be,

“Dzi tsi, O vudo!

Midzi ha tso tsi la ŋu!

18Esiae nye vudo si amegãwo

kple dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ

woƒe atikplɔwo

kple woƒe atizɔtiwo ɖee la.”

Wodzo le gbegbe la, 19eye woto Matana, Nahaliel kple Bamot, 20eye woyi balime si le Moab ƒe togbɛwo te, afi si gbegbe la kple Pisga to dzena le tso adzɔge.

21Azɔ la, Israelviwo ɖo ame dɔdɔwo ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia gbɔ.

22Woɖe kuku na fia la be, “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míele vudometsi hã no ge o. Míale mɔ gã la tẽ va se ɖe esime míatso wò anyigba me ayi.”

23Fia Sixɔn gbe mɔɖeɖe na Israel be wòato eƒe anyigba dzi ayi o. Sixɔn ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu le gbedzi esi woɖo Yahaz. 24Israelviwo ɖu wo dzi, eye woxɔ woƒe anyigba tso Arnon tɔsisi la ŋu va se ɖe Yabok tɔsisi la ŋu, heyi ɖe Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Israelviwo megate ŋu yi ŋgɔ wu afi sia o, elabena Amoritɔwo, ame siwo nye Lot ƒe dzidzimeviwo la nye aʋawɔla sesẽwo. 25Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã, eye wonɔ wo me; Hesbon kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la hã nɔ eme. 26Hesbon nye Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia ƒe du. Sixɔn wɔ aʋa kple Moabtɔwo ƒe fia xoxo la, eye wòxɔ eƒe anyigba katã yi keke Arnon.

27Eya ta hakpala la gblɔ be,

“Va Hesbon, eye nàna woagbugbɔe atu,

na woagbugbɔ Sixɔn ƒe du la aɖo te.

28“Elabena dzo do tso Hesbon,

dzo ƒe aɖewo tso Sixɔn ƒe du me.

Fia Moab ƒe Ar, Arnon ƒe todzitɔwo,

29baba na wò, O Moab!

Wotsrɔ̃ mi, Kemostɔwo!

Ena via ŋutsuwo zu sisilawo,

eye via nyɔnuwo zu aboyomewo

na Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia.

30“Ke míawo míeɖu wo dzi

wotsrɔ̃ Hesbon yi keke Dibon

míegbã wo yi keke Nofa,

yi kekeke Medeba.”

31Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi.

32Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi. 33Le esia megbe la, wotrɔ ɖe Basab du la ŋu. Ke Ɔg, Basan fia, kpe aʋa kpli wo le Edrei.

34Yehowa gblɔ na Mose be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia le Hesbon ene.”

35Eva eme nenema tututu. Israel ɖu dzi. Wowu Ɔg, Basan fia, via ŋutsuwo kple eteviwo ale gbegbe be aʋawɔlawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Ale Israelviwo xɔ anyigba la.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A serpente de bronze e a marcha além do Arnom

  • Quando os israelitas ficaram impacientes durante a jornada ao redor de Edom e se queixaram da falta de comida e água, serpentes venenosas surgiram no acampamento. Moisés recebeu instruções para fazer uma serpente de bronze e colocá-la sobre uma haste para que qualquer pessoa mordida pudesse olhar para ela e viver.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Este capítulo cita um antigo texto hebraico hoje desconhecido, chamado Livro das Guerras do SENHOR, para delimitar a fronteira ao longo do rio Arnom, que separava os moabitas dos amorreus.Fontes: o próprio texto bíblico · Arnon
  • A passagem inclui um poema antigo que menciona Camos, a divindade adorada pelos moabitas. O poema relata como Seom, rei dos amorreus, havia conquistado anteriormente terras moabitas desde Hesbom até o Arnom antes de Israel derrotá-lo em batalha.Fontes: o próprio texto bíblico · Chemosh · Sihon · Heshbon

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Negeb · 31.245, 34.841 · versículo 1
  • Edom · 30.746, 35.604 · versículo 4
  • Way of the Red Sea · Hoje: road between the Dead Sea and the Gulf of Aqaba · 29.727, 34.998 · versículo 4
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 5
  • Moab · Hoje: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículos 11, 13, 15, 20, 26, 28, 29
  • Valley of Zered · Hoje: Wadi al Hasa · 31.027, 35.485 · versículo 12
  • Arnon · Hoje: Wadi Mujib · 31.466, 35.573 · versículos 13, 14, 24, 26, 28
  • Waheb · Hoje: within 50 km of Sufeh · 31.666, 35.817 · versículo 14
  • Jeshimon · 31.470, 35.223 · versículo 20
  • King’s Highway · 31.955, 35.934 · versículo 22
  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 24
  • Jabbok · Hoje: Zarqa River · 32.115, 35.543 · versículo 24
  • Dibon · Hoje: Tall Dhiban · 31.502, 35.777 · versículo 30
  • Medeba · Hoje: Madaba · 31.716, 35.795 · versículo 30
  • Bashan · 32.781, 35.935 · versículo 33

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.