Números 18
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Nunɔlawo kple Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo
1Yehowa ƒo nu na Aron azɔ gblɔ be, “Enye wò kple viwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo ƒe dɔdeasi be miakpɔ egbɔ be, nu kɔkɔe aɖeke mezu nu makɔmakɔ o, eye anye miawo ƒe vodada ne kpɔtsɔtsɔ aɖe ava miaƒe nunɔladɔwo wɔwɔ ŋuti. 2Kplɔ nɔviwò, Levi ƒe viwo, tso Levi ƒe to la me vɛ be woakpe ɖe ŋuwò, ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔm le agbadɔ la ŋgɔ. 3Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku. 4Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame sia ame si menye Levi ƒe vi o la mekpɔ mɔ akpe ɖe ŋuwò le mɔ aɖeke nu o.
5“Ɖo ŋku edzi be, nunɔlawo koe awɔ dɔ kɔkɔewo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la dzi. Ne miewɔ se siawo dzi la, Mawu ƒe dɔmedzoe magabi ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu le se siawo dzi dada ta gbeɖegbeɖe o. 6Megale egblɔm be, nye ŋutɔe tia nɔviwò Levi ƒe viwo tso Israelviwo dome na Yehowa ƒe dɔ be woanye wò kpeɖeŋutɔwo le agbadɔmedɔwɔwɔ me. 7Ke wò kple viwò ŋutsuwo, nunɔlawo, miawoe awɔ dɔ kɔkɔeawo katã kple dɔ siwo le vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le xɔmetsovɔ la me, elabena nunɔlanyenye nye miaƒe dɔdeasi tɔxɛ. Ame bubu ɖe sia ɖe si ake atse awɔ dɔ siawo la aku.”
Ale si woana nu nunɔlawo kple Levi ƒe viwo
8Yehowa gade se siawo na Aron. “Metsɔ nunana siwo katã Israelviwo tsɔna vɛ na Yehowa la na nunɔlawo. Nunana siwo katã wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ le se mavɔ la nu. 9Nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo nye mia tɔ. Nu siwo wotsɔ vɛ abe kpɔɖeŋu ene be woame na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi koe menye mia tɔ o. Nu siawo katã nye nunana kɔkɔewo. 10Ŋutsuwo koe aɖu wo, eye teƒe kɔkɔe aɖe ko woaɖu wo le.
11“Nunana bubuawo katã si Israelviwo anam to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple wò ƒometɔwo, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa tɔ. Wò ƒometɔwo katã aɖu nu siawo negbe wo dometɔ si ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o la ko.
12“Nenema ke kutsetse gbãtɔ siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa abe ami, wain kple lu nyuitɔwo 13kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o.
14“Nu sia nu si le Israel, si ŋu wokɔ, ɖe ɖe aga na Yehowa la nye tɔwò. 15Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta. 16Ne woxɔ ɣleti ɖeka la, ele na wò be nàƒle wo ta, eye wo taƒlegae nye klosalo gram blaade, le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
17“Ke womaxe fe ɖe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ta o; elabena wole kɔkɔe. Nàhlẽ woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye nàtɔ dzo ami la abe dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la ene na Yehowa. 18Lã siawo ƒe lã nye mia tɔ hekpe ɖe woƒe akɔ kple ɖusita, si wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la ŋu. 19Ɛ̃, metsɔ nunana siwo katã Israelviwo va naa Yehowa, eye wonyena le yame la na mi. Wonye wò kple wò ƒometɔwo ƒe nuɖuɖu. Esia nye dze ƒe nubabla mavɔ le Yehowa kple wò kple wò dzidzimeviwo dome.”
20Yehowa gblɔ na Aron be, “Mianyi woƒe anyigba ƒe dome o, eye miakpɔ gome le wo dometɔ aɖeke me o, nyee nye miaƒe gome kple miaƒe domenyinu le Israelviwo dome.
21“Metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia na Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene le woƒe dɔ si wowɔna le agbadɔ me la ta. 22Tso azɔ dzi heyina la, Israelvi siwo menye nunɔlawo kple Levi ƒe viwo o la mekpɔ mɔ age ɖe agbadɔ la me o. Ne woge ɖee la, woaɖi fɔ, eye woaku. 23Levi ƒe viwo koe awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu. Woaɖi fɔ ne wogbe dɔ wɔwɔ le afi ma. Esia nye se na mi tegbetegbe be nunɔamesi aɖeke manɔ Levi ƒe vi aɖeke si le Israelnyigba dzi o, 24elabena Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia si wotsɔ na Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la anye Levi ƒe viwo tɔ. Eya ta megblɔ na wo be, ‘Domenyinu manɔ wo si le Israelviwo dome o.’ ”
25Yehowa gblɔ na Mose be, 26“Ƒo nu na Levi ƒe viwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miexɔ nu ewolia si metsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene tso Israelviwo si la, ele na mi be miatsɔ nu ewolia mawo ƒe ewolia abe vɔsa na Yehowa ene. 27Yehowa axɔ nu sia na mi abe miaƒe lu kple waintsetse gbãtɔwo ƒe nunana ene, abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe agblewo me ene. 28Ale miawo hã miana nu Yehowa tso nu ewolia siwo katã miexɔ tso Israelviwo gbɔ la me. Tso nu ewolia siawo me la, miatsɔ Yehowa ƒe ɖuƒe ana Aron, nunɔla la. 29Ele be miatsɔ nu sia nu si wona la ƒe akpa nyuitɔ kple kɔkɔetɔ ana Yehowa abe eƒe ɖuƒe ene.’
30“Gblɔ na Levi ƒe viwo be, ‘Ne mieɖe nyuitɔwo na adzɔe la, woabui na mi abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe lugbɔƒe alo miaƒe wainfiaƒe ene. 31Aron kple via ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo aɖui le woƒe aƒewo me alo le teƒe ɖe sia ɖe si adze wo ŋu, elabena eyae nye woƒe fetu ɖe woƒe dɔwɔwɔ le agbadɔ la me ta. 32Mi, Levi ƒe viwo la, miada vo o, ne miexɔ ameawo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na Yehowa, eye mietsɔ nu siawo ƒe nyuitɔwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na nunɔlawo. Ke mikpɔ nyuie be miabu Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo abe nu dzodzrowo wonye ene o. Ne miewɔ esia la, miaku.’ ”

Você sabia?
Deveres e porções para sacerdotes e levitas
- Números 18 estabelece um limite claro entre a família sacerdotal de Arão e o restante da tribo de Levi. Enquanto os levitas eram encarregados de auxiliar nas tarefas gerais da Tenda do Encontro, apenas Arão e seus filhos podiam servir junto ao altar e dentro do santuário, sob pena de morte para qualquer pessoa não autorizada.Fontes: o próprio texto bíblico · Aaron · Levi (patriarch)
- Diferente das outras tribos, os sacerdotes e levitas não receberam herança territorial na terra, pois o próprio Deus declarou ser a porção deles. A família de Arão era sustentada por partes das ofertas sagradas, primícias e valores de resgate dos primogênitos, provisão permanente descrita como uma aliança de sal.Fontes: o próprio texto bíblico · Aaron
- Os levitas recebiam os dízimos dos israelitas como compensação pelo trabalho na Tenda do Encontro. Por sua vez, eram obrigados a consagrar a melhor décima parte do que recebiam — o dízimo do dízimo — como uma oferta entregue diretamente ao sacerdote Arão.Fontes: o próprio texto bíblico · Aaron
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org