Neemias 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Tsitretsitsi ɖe gli la gbugbɔɖo ŋuti
1Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la nɔ ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu mí, ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu 2le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!”
3Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, “Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!”
4Ale medo gbe ɖa na Mawu be, “Oo, Aƒetɔ mía Mawu, ɖo to mí, elabena wole fewu ɖum le mía ŋu. Na woƒe fewuɖuɖu natrɔ adze woawo ŋutɔ ƒe ta dzi, eye woaɖe aboyo wo ayi dzronyigba aɖe dzi. 5Mègaŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi o, eye mègatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me o, elabena wodo vlo wò, to vlododo mí, ame siwo le wò gli la ɖom la me.”
6Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo.
7Ke esi Sanbalat kple Tobia kple Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kple Asdodtɔwo se be dɔa le edzi yim nyuie, eye wogbugbɔ gli la ƒe gbagbãƒewo le ɖoɖom la, wodo dɔmedzoe vevie. 8Woɖo be yewoatsɔ aʋakɔ aɖe aho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye yewoahe ʋunyaʋunya kple tɔtɔ vɛ. 9Ke míedo gbe ɖa na míaƒe Mawu, eye míedzɔ dua ŋu zã kple keli be míanɔ dedie.
10Ame siwo nɔ Yuda gblɔ be, “Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la sɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o.” 11Gawu la, míaƒe futɔwo nɔ ta me ɖom be yewoadze mía dzi, awu mí ale be míaƒe dɔ la wɔwɔ natɔ. 12Tete Yudatɔ siwo nɔ wo dome la va gblɔ na mí zi ewo be, “Woatso teƒe vovovowo ava dze mía dzi.” 13Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati nɔ la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli kɔ ɖo o.
14Mebu nu si le edzi yim la ŋuti nyuie, eye metsi tsitre gblɔ na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Migavɔ̃ na wo o. Miɖo ŋku Aƒetɔ si sẽ ŋu, eye ŋɔdzi le eŋuti la dzi ne miawɔ aʋa ɖe mia nɔviŋutsuwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta.”
15Esi míaƒe futɔwo se be míenya nu tso yewoƒe ɖoɖowo ŋu, eye be Mawu ɖe yewoƒe ɖoɖowo fia mí, eye wògblẽ wo me la, mí katã míetrɔ va yi gli la ɖoɖo dzi. 16Tso gbe ma gbe dzi la, dɔwɔlawo ƒe afã koe wɔa dɔ la, eye afã mamlɛa léa akplɔwo, akpoxɔnuwo, aŋutrɔwo kple lãnu bubuwo ɖe asi henɔa Yudatɔ, 17siwo le gli la ɖom la megbe. Ame siwo nɔ kɔ lɔm la hã wɔa dɔ kple asi ɖeka, eye woléa aʋawɔnu ɖe asi evelia. 18Ke ame siwo nɔ gli la ɖom ya ta yi ɖe ali hafi nɔ dɔ la wɔm. Ke kpẽkula ya nɔ nye axadzi.
19Meɖe eme na bubumeawo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Dɔ la keke ta, míema ɖe eŋuti ale mía dome didi tso mía nɔewo gbɔ le gli la ŋuti, 20eya ta ne mienya se kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, miƒu du va mía gbɔ afii. Míaƒe Mawu la awɔ aʋa na mí!”
21Ale míeyi dɔ la wɔwɔ dzi; ŋutsu afã lé akplɔwo ɖe asi tso agudzeɣi va se ɖe esime ɣletiviwo nato. 22Megblɔ na ame siwo katã le gli la godo be woava Yerusalem du la me ale be woƒe subɔlawo nate ŋu adzɔ du la ŋu le zã me, eye woawɔ dɔ le ŋkeke me. 23Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo nɔ gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe gɔ̃ hã.
Você sabia?
Defesa armada e a reconstrução de Jerusalém
- Sambalate, uma autoridade em Samaria, e Tobias, o amonita, lideraram a resistência regional contra a reconstrução dos muros de Jerusalém, aliando-se a árabes e asdodoreus vizinhos para zombar dos trabalhadores judeus e planejar um ataque armado.Fontes: Sanballat · Tobiah · o próprio texto bíblico
- Para conter a ameaça constante de ataque, Neemias organizou um sistema duplo de trabalho e vigilância, exigindo que os construtores trabalhassem com uma mão enquanto seguravam uma arma com a outra, orientados por um tocador de trombeta para soar o alarme ao longo da extensa muralha.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículo 2
- Ashdod · Hoje: Tel Ashdod · 31.757, 34.658 · versículo 7
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 7, 8, 22
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org