Nations Bible

Marcos 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesu le Pilato ŋkume

1Esi ŋu ke ŋdi kanya la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu, aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe mɔmefia, si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣe ma ɣi me la gbɔ.

2Esi Yesu va ɖo Pilato gbɔ la, Pilato biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?”

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”

3Nunɔlagãwo tso enu be ewɔ nu vɔ̃ geɖewo. 4Pilato gabiae be, “Nu ka ta mèdi be yeaɖo nya aɖeke ŋu o? Nya gbogbo siwo katã wotsɔ ɖe ŋuwò la nye nyateƒea?”

5Gake Yesu meke nu o. Esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.

Wotso kufia na Yesu

6Azɔ nu ɖeka aɖe si Pilato wɔna ɖaa le Ŋutitotoŋkeke la dzi lae nye be eɖea asi le Yudatɔ gamenɔla ɖeka si ŋu amewo lɔ̃ be wòaɖe asi le la ŋuti. 7Gamenɔla siawo dometɔ ɖekae nye Barabas, ame si kple ame bubuwo wu amewo le hoowɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me.

8Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo dometɔ ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔna ɖaa ene.

9Pilato bia wo be, “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” 10Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlagãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo.

11Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be wòaɖe asi le Barabas boŋ ŋu, ke menye Yesu o.

12Pilato bia wo be, “Esi miebe maɖe asi le Barabas ŋu ɖe, nu ka miebe mawɔ kple ame si mieyɔna be Yudatɔwo ƒe Fia?”

13Ameawo katã do ɣli be, “Klãe ɖe ati ŋu!”

14Pilato bia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?”

Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!”

15Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Barabas ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woaɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu.

Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu

16Asrafoawo kplɔ Yesu yi woƒe nɔƒe le fiasã la me, eye woyɔ asrafo siwo katã dzɔa fiasã la ŋu la ƒo ƒu. 17Wodo awu dzĩ nɛ, eye wotsɔ ŋu wɔ kuku heɖɔ nɛ. 18Azɔ wode asi fewuɖuɖu le eŋu me. Wodo gbe nɛ gblɔ be, “Yudatɔwo ƒe fia nenɔ agbe tegbee!” 19Amewo tsɔ ameƒoti ƒo tame nɛ. Ɖewo ɖe ta ɖe mo nɛ, eye ɖewo bua dze klo be yewole esubɔm.

20Esi wowɔ funyafunyae ʋuu wòti wo la, woɖe awu dzĩ la le eŋu hetsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe be yewoaɖaklãe ɖe ati ŋu.

Woklã Yesu ɖe ati ŋu

21Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu, akɔ eƒe atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufus fofo.

22Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata (si gɔmee nye “Ametakoliƒe”). 23Le afi sia la, wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi aɖe hekpe nɛ, gake menoe o. 24Woklãe ɖe atitsoga ŋu. Woda akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame axɔ. 25Anɔ abe ŋdi ga asiekɛ me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu. 26Woŋlɔ nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu esi ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ ɖe ʋuƒoa dzi enye:

Yudatɔwo ƒe Fia.

27Woklã adzodala eve aɖewo hã ɖe eƒe axa eveawo dzi. [ 28Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be, “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.]” 29Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la, 30ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋue!”

31Nunɔlagãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu xɔ na ame bubuwo, gake mate ŋu xɔ na eya ŋutɔ ɖokui o!

32“Wò Kristo la! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu, ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui.

Yesu ƒe ku

33Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me.

34Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” (si gɔmee nye “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?”).

35Esi ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma se esia la, wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.” 36Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”

37Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòmia nu.

38Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ, si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkume le gbedoxɔ la me la ma ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke.

39Esi Romasrafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kue la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la, Mawu ƒe Vi wònye vavã!”

40Nyɔnu aɖewo hã nɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kple Salome. 41Ame siawo kple Galilea nyɔnu bubu siwo nye eyomenɔlawo, ame siwo subɔnɛ ne eva Galilea la hã dze eyome va Yerusalem.

Yesu ɖiɖi

42Nu siawo katã dzɔ ŋkeke ɖeka do ŋgɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la. Le ɣetrɔ me lɔƒo la, 43Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka, si ŋu bubu le la va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye.

44Pilato mexɔe se be Yesu ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe o, eyɔ Romasrafowo ƒe amegã si ƒe dzikpɔkpɔ te nyawo nɔ la, eye wòbiae be Yesu ku vavã hã? 45Asrafomegã la ɖo kpe edzi na Pilato be eku. Ale Pilato ɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua aɖaɖi.

46Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe, eye woɖe Yesu ƒe ŋutilã kuku la le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋu eye wòkɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdo la nu.

47Maria Magdalatɔ kple Maria Yose dada hã nɔ afi ma kpɔ afi si wòɖi Yesu ɖo.

Você sabia?

Julgamento, crucificação e sepultamento

  • Segundo o Easton's Bible Dictionary (1897), Pôncio Pilatos foi procurador romano da Judeia de 26 a 36 d.C., com sede em Cesareia, embora muitas vezes subisse a Jerusalém. Na festa, era costume dele soltar um preso escolhido pelo povo. Barrabás, nome que significa “filho de Abba” ou “filho de um pai”, era um ladrão notório, preso com rebeldes que haviam cometido assassinato durante uma insurreição, e a multidão exigiu que ele fosse solto em lugar de Jesus.Fontes: Pontius Pilate · Barabbas · o próprio texto bíblico
  • Levaram Jesus a um lugar chamado Gólgota, que Marcos explica como o Lugar da Caveira. O nome representa em letras gregas a palavra aramaica Gulgaltha, o hebraico gulgoleth, que significa “caveira”, e é o mesmo lugar conhecido como Calvário. Era um pequeno outeiro arredondado como uma caveira nua, um ponto bem conhecido fora da porta e perto da cidade.Fontes: Golgotha · o próprio texto bíblico
  • Na hora nona, Jesus clamou: “Eloi, Eloi, lema sabachthani?”, que Marcos explica como “Meu Deus, Meu Deus, por que me desamparaste?”. Alguns que estavam por perto pensaram que ele chamava Elias, o profeta tisbita, e alguém sugeriu que esperassem para ver se Elias viria tirá-lo dali.Fontes: o próprio texto bíblico · Elijah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Cyrene · 32.821, 21.851 · versículo 21
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 41
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 41

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.