Marcos 13
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu ƒo nu tso gbedoxɔ la gbagbã ŋuti
1Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔ la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nya kpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.”
2Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èkpɔ xɔ gã siawoa? Mele egblɔm na mi be wole wo gbã ge gudugudu, eye kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.”
Fukpekpewo ƒe gɔmedzedze
3Azɔ eɖanɔ anyi ɖe Amito la dzi afi si dze ŋgɔ gbedoxɔ la. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Wobiae be, 4“Ɣe ka ɣie nu siawo le dzɔdzɔ ge? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?”
5Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. 6Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye Kristo la, eye woakplɔ ame geɖewo atra mɔe. 7Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o. 8Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo, gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye nu siwo do ŋɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.”
9Yesu yi edzi be, “Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi dukplɔlawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta, be miegblɔ nyanyui la na wo. 10Ke ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwuŋkeke la naɖo. 11Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.”
12Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ ahe nɔvia ade ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ ƒe viwo asi eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu. 13Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo, gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe.
Fukpekpe gã la
14“Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 15Ame si le eƒe xɔta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke o. 16Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o.
17“Baba na nyɔnu siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me kple nyɔnu siwo si vi nonowo le. 18Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi meganye vuvɔŋɔli me o, 19elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi meva kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea me va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi hã mava ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o. 20Nenye Mawu ɖe meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, anye ne ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, eto ŋkekeawo ɖe eme.
21“Nenye be ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kristo lae nye esi alo eyae nye ekemɛ la,’ migake nu dee o 22elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gã siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. 23Eya ta mikpɔ nyuie! Megblɔe na mi do ŋgɔ!
Yesu ƒo nu le eƒe vava zi evelia ŋu
24“Le fukpekpe gã ma megbe la,
“ ‘Ɣe ado viviti,
eye ɣleti hã magaɖi o.
25Ɣletiviwo age tso dziƒo,
eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’
26“Le ɣe ma ɣi me la, amewo akpɔ Amegbetɔ Vi la wòava le lilikpowo me kple ŋusẽ gã kple ŋutikɔkɔe. 27Adɔ mawudɔlawo be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo ƒe nuwuwu ke.
Nusɔsrɔ̃ tso gboti ŋuti
28“Mitsɔ gboti abe kpɔɖeŋu ene. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me eye aŋgba fɛ̃wo ke, eye aŋgbawo ŋutɔ de asi dodo me la; ekema mienya enumake be dzomeŋɔli ɖo. 29Eya ta ne miekpɔ be nu siwo katã megblɔ la le dzɔdzɔm la, minyae be nye vava zi evelia gogo eye nye afɔ le miaƒe agbowo nu.” 30Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o. 31Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o
32“Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko. 33Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi si me nu siawo ava eme o.
34“Nye vava zi evelia anɔ abe ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi ene. Hafi wòadzo le aƒe ayi la, ede dɔ asi na eƒe dɔwɔla ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔ gbɔ.” 35Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o. 36Ale be ne eva kpata la, makpɔ mi mianɔ alɔ̃ dɔm o. 37Nu si megblɔ na mi la, eya ke mele gbɔgblɔm na ame sia ame be, “Minɔ ŋudzɔ!”

Você sabia?
A queda do templo e o chamado a vigiar
- Quando Jesus saía do templo, um discípulo apontou para as pedras e os edifícios magníficos, e Jesus disse que não ficaria pedra sobre pedra; todas seriam derrubadas. Ele estava sentado no monte das Oliveiras, de frente para o templo. O monte das Oliveiras é uma serra a leste de Jerusalém, chamada assim pelas oliveiras que cobrem suas encostas e separada da cidade pelo vale do Cedrom.Fontes: o próprio texto bíblico · Mount of Olives
- Pedro, Tiago, João e André perguntaram a Jesus em particular quando os grandes edifícios seriam derrubados e qual sinal mostraria que isso estava para se cumprir. André era o irmão mais novo de Pedro; os dois eram pescadores de Betsaida. Tiago, irmão mais velho de João e filho de Zebedeu e Salomé, era pescador em sociedade com Pedro.Fontes: o próprio texto bíblico · Simon Peter · Andrew · James (Son of Zebedee)
- Jesus disse que, quando se visse a abominação da desolação de pé onde não deveria estar, os que estivessem na Judeia deveriam fugir para os montes: ninguém no telhado deveria voltar para dentro a fim de buscar alguma coisa, e ninguém no campo deveria voltar para pegar o manto. No tempo de Cristo, a Judeia era a mais meridional das três divisões da Palestina, distinta da Galileia e da Samaria; sob os romanos, fazia parte da província da Síria e incluía os territórios de Judá, Benjamim, Dã, Simeão e parte de Efraim.Fontes: o próprio texto bíblico · Judea
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org