Nations Bible

Marcos 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesu yi Yerusalem

1Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ, eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo.

2Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ. 3Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’ ”

4Nusrɔ̃la eveawo dze mɔ, eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumee la, 5ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka ta miele ka tum tedzivi la ɖo?”

6Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la na wo.

7Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖo ɖe edzi be wòadoe. 8Ame geɖewo ɖo woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi le eŋgɔ be wòazɔ wo dzi, eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi nɛ fũu. 9Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ, eye ɖewo hã nɔ eyome, eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be,

“Hosana!”

“Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.”

10“Woakafu Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David

ƒe fiaɖuƒe la vɛ na mí!”

“Hosana le dziƒo ʋĩi.”

Yesu ƒo fi de gboti aɖe

11Ale wòge ɖe Yerusalem dua me, eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito, eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom.

12Esi ŋu ke ŋdi, eye wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi. 13Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o.

14Yesu ƒo fi de ati la be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la.

Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ

15Esi wova ɖo Yerusalem la, egayi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya do goe me. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo ƒe zikpuiwo, 16eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o.

17Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”

18Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti.

19Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo.

Nusɔsrɔ̃ tso gboti si yrɔ la ŋu

20Esi ŋu ke ŋdi la, wova to gboti si Yesu ƒo fi de la ŋuti, eye wokpɔ be, ati la yrɔ sũu. 21Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!”

22Yesu ɖo eŋu be, “Mixɔ Mawu dzi se. 23Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ. 24Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si hã. 25Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [ 26Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.]”

Nyahehe tso Yesu ƒe ŋusẽ ŋu

27Wogava ɖo Yerusalem, eye esi wònɔ tsa ɖim le gbedoxɔ la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be, 28“Ŋusẽ kae nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”

29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia sia ŋu nam. 30Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa? Miɖo eŋu nam!”

31Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’ 32Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.)

33Esia ta wogblɔ nɛ be, “Míenya o.”

Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o.”

Você sabia?

A entrada em Jerusalém

  • Este capítulo começa quando Jesus e seus discípulos se aproximam de Jerusalém e chegam a Betfagé e Betânia, no monte das Oliveiras. Betânia era uma aldeia na encosta sudeste, cerca de duas milhas a leste de Jerusalém, no caminho para Jericó, e seu nome vinha da quantidade de palmeiras que ali cresciam; Betfagé, muito perto, era o limite de uma jornada de sábado a partir da cidade, 2.000 côvados. O monte das Oliveiras recebe o nome das oliveiras que revestem suas encostas: uma serra a leste de Jerusalém, separada dela pelo vale do Cedrom.Fontes: o próprio texto bíblico · Bethany · Bethphage · Mount of Olives
  • O nome Betfagé significa “casa do figo imaturo”. No dia seguinte, depois de saírem de Betânia, Jesus estava com fome e foi até uma figueira cheia de folhas, mas não encontrou nela nada além de folhas, pois não era tempo de figos; disse que ninguém jamais comeria do seu fruto. Na manhã seguinte, viram a árvore seca desde as raízes, e Pedro a apontou.Fontes: o próprio texto bíblico · Bethphage
  • Jesus sentou-se num jumentinho, enquanto muitos da multidão estendiam mantos no caminho e outros espalhavam ramos cortados dos campos. Os que iam adiante e os que seguiam clamavam: “Bendito é o reino que vem, o de nosso pai Davi!” Davi, cujo nome significa “amado”, era o oitavo e mais novo filho de Jessé, cidadão de Belém. O monte das Oliveiras é mencionado pela primeira vez em ligação com a fuga de Davi de Jerusalém durante a rebelião de Absalão.Fontes: o próprio texto bíblico · David · Mount of Olives

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 11, 15, 27
  • Mount of Olives · 31.778, 35.246 · versículo 1

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.