Nations Bible

Mateus 27

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesu le Pilato ƒe ŋkume

1Esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegã bubuwo kpe ta be yewoade ŋugble le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne woatso kufia na Yesu la ŋuti. 2Emegbe la, wode gae, eye wokplɔe yi na Pilato, Romatɔwo ƒe mɔmefia.

Yuda ƒe ku

3Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la, kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ, eye wòvee vevie be wòwɔ esia, eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yi na wo.

4Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃, elabena mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wò nyae nye ema, ɖeke meka mí o.”

5Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.

6Nunɔlagãwo va fɔ ga la le anyigba, eye wogblɔ be, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka la me o, elabena etsi tsitre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.”

7Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si zemelawo kaa anyi le la, eye yewoatrɔe wòazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem la. 8Eya ta woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe. 9Esia wu nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ ɖi be, “Wotsɔ klosaloga blaetɔ̃ si wòxɔ le Israelviwo gbɔ la 10ƒle abɔe tso zemelawo si abe ale si Aƒetɔ la gblɔ nam ene” la nu.

Pilato bia gbe Yesu

11Azɔ la, Yesu tsi tsitre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖu la ƒe mɔmefia ƒe ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?”

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”

12Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake ezi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o. 13Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem oa?” 14Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o, eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.

Wotso kufia na Yesu

15Enye mɔmefia la ƒe ɖoɖo be ne Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti. 16Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li. Ame sia nye ame baɖa kple tagbɔsesẽtɔ. Eƒe ŋkɔe nye Yesu Barabas. 17Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Barabas loo alo Yesu, miaƒe Kristo la?” 18Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yomee la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumegãwo, eya ta wolée ɖo.

19Ke esi wònɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Mègaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o, elabena etsɔ si va yi ƒe zã la, meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.”

20Azɔ la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Barabas ŋuti na yewo, eye woawu Yesu.

21Eya ta esi mɔmefia la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?”

La, ameha la do ɣli sesĩe be, “Barabas!”

22Pilato bia wo be, “Ekema nu ka mawɔ kple Yesu, miaƒe Kristo la?”

Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”

23Pilato gabia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?”

Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”

24Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa, eye hoowɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, ena woku tsi ɖe gagbɛ me vɛ nɛ, ale wòklɔ asi le ameha la ƒe ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋukɔkɔɖi metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”

25Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋukɔkɔɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!”

26Ale Pilato ɖe asi le Barabas ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu, eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Romasrafowo be woakplɔe aɖaklã ɖe ati ŋuti.

Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu

27Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna la, eye asrafoha la katã va ƒo xlãe. 28Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti, eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ, 29eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe nuɖusime me. Wodzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe, eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.” 30Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti, eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe.

31Esi wowu fewuɖuɖu la nu la, woɖe awu dzĩ la le eŋuti, eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.

Woklã Yesu ɖe ati ŋuti

32Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene le Afrika. Eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu. 33Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golgata si gɔmee nye “Ametakoli Togbɛ.” 34Asrafoawo tsɔ wain si me wode gbe siwo vena la nɛ be wòano, gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono. 35Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be wòazu ame si ɖu dzi la tɔ. 36Esia megbe la, wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm. 37Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be,

Ame siae nye Yesu, Yudatɔwo ƒe Fia la.

38Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋuti le Yesu ƒe axa eveawo dzi. 39Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be, 40“Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Màte ŋui oa? Ne àte ŋui, eye nènye Mawu ƒe Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋuti!”

41Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegã siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be, 42“Èɖe ame bubuwo, gake màte ŋu aɖe ɖokuiwò o! Ke wò boŋue nye Israel ƒe fia la? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase. 43Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu ƒe Vi menye’ oa?”

44Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe alɔme le eŋuti.

Yesu ƒe ku

45Le ŋdɔ ma la, zãdokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.

46Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli, lama sabaktani?” (si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”).

47Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle. 48Ameawo dometɔ ɖeka ƒu du ɖatsɔ aha tsitsi, eye wòkɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu, eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu. 49Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”

50Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na, eye wòku kpoo. 51Eye kpɔ ɖa, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã, 52eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ƒe ŋutilã gagbɔ agbe. 53Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me, eye woyi ɖe du kɔkɔe la me, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.

54Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”

55Nyɔnu siwo kplɔ Yesu ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ eƒe hiahiãwo gbɔ nɛ le Yerusalem la le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge. 56Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo kple Yosef dada kpakple Yohanes kple Yakobo siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada.

Yesu ɖiɖi

57Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si trɔ zu Yesu yomedzelawo dometɔ ɖeka la, 58yi ɖe Pilato gbɔ hebia Yesu ƒe ŋutilã kukua. Pilato ɖe gbe be woakɔ Yesu ƒe ŋutilã kuku la nɛ. 59Yosef xɔ ame kuku la, eye wòtsɔ aklala yeye aɖe si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti nyuie, 60eye wòkɔe mlɔ yɔdo si eya ŋutɔ ɖe ɖe agakpewo dome la me hemli kpe gã aɖe tu ɖe yɔdo la nu. 61Maria Magdalatɔ kple Maria evelia wonɔ anyi henɔ ale si woɖi Yesu kple afi si woɖi ɖo la kpɔm.

Asrafowo dzɔ yɔdo la ŋu

62Eye le dzadzraɖoŋkeke ƒe ŋufɔke dzi la, nunɔlagãwo kple Farisitɔwo yi ɖe Pilato gbɔ, 63eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe,’ 64eya ta míedi be nàɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable amewo be etsi tsitre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu gbãtɔ.”

65Pilato ɖo nya la ŋu na wo be, “Mikplɔ asrafo siawo yi ne woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie.”

66Ale wotre yɔdo la nu hetsɔ asrafowo ɖo afi ma be woadzɔ eŋuti.

Você sabia?

Julgamento, cruz e sepultura

  • Pôncio Pilatos foi o sexto procurador romano da Judeia, de 26 a 36 d.C. Sua sede ficava em Cesareia, mas ele subia com frequência a Jerusalém, e seu governo abrangeu os ministérios de João Batista e de Jesus. Na festa, seguia um costume romano de soltar um prisioneiro: ofereceu à multidão a escolha entre Jesus e Barrabás, um ladrão notório cujo nome significa “filho de Abba” ou “filho de um pai”, e eles exigiram Barrabás.Fontes: Pontius Pilate · Barabbas · o próprio texto bíblico
  • Quando Judas viu que Jesus fora condenado, ficou cheio de remorso, lançou as trinta moedas de prata no templo, saiu e se enforcou. Os principais sacerdotes recusaram pôr o dinheiro de sangue no tesouro e, em vez disso, compraram o campo do oleiro como lugar de sepultura para estrangeiros. Em aramaico, os judeus o chamavam de Aceldama, “campo de sangue”; fica num terraço estreito e plano na face sul do vale de Hinom, e seu nome moderno é Hak ed-damm.Fontes: Judas Iscariot · Akeldama · o próprio texto bíblico
  • Jesus foi crucificado no Gólgota, grafia grega do aramaico Gulgaltha, o mesmo nome que Calvário e ligado à palavra hebraica para “crânio”. Os evangelistas explicam o lugar como “o lugar da caveira”, um pequeno outeiro arredondado como um crânio descoberto, um ponto conhecido fora da porta e perto da cidade.Fontes: Golgotha · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Cyrene · 32.821, 21.851 · versículo 32
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 53
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 55

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.