Nations Bible

Mateus 23

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Babadodo na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo

1Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo be, 2“Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi, 3eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o. 4Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o.

5“Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo. 6Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo, eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo. 7Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ.

8“Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. 9Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be ‘fofo’ o, elabena ‘Fofo’ ɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo. 10Migana hã be woayɔ mi be kplɔlawo o, elabena Kplɔla ɖeka koe li na mi, eyae nye Kristo la. 11Ke ame si nye amegã le mia dome la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ. 12Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la, woado wo ɖe dzi.

13“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la hã nayi eme o.

[ 14“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo tɔ!]

15“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ.

16“Baba na mi, mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la, medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’ 17Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛea? 18Miawo kee gblɔ be, ‘Ame si ta vɔsamlekpui la la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpui la dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi.’ 19Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpui la dzi loo alo vɔsamlekpui la ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔnaa? 20Nenye be mieta vɔsamlekpui la la, ekema mietae kple nu siwo katã le edzi, 21eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu, ame si nɔa eme la. 22Nenye be mieta dziƒo la, minyae be mieta Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu, ame si nɔa edzi la.

23“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o. 24Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya.

25“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpatɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi. 26Farisitɔ ŋkuagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã, ekema wo godo hã aɖi nyuie.

27“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo. 28Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.

29“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo, eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo, 30eye miegblɔ be, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi me o’ 31Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo. 32Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu.

33“Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu? 34Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ. 35Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi. 36Vavã, mele egblɔm na mi be, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣe ma ɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi.

37“O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o. 38Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. 39Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”

Você sabia?

Os ais de Jesus e o lamento por Jerusalém

  • Jesus fala do sangue justo derramado desde Abel, o segundo filho de Adão e Eva, a quem seu irmão Caim matou, até Zacarias, filho de Baraquias, assassinado entre o templo e o altar. Um relato relacionado diz que isso alude a Zacarias, filho ou neto do sumo sacerdote Joiada, que foi apedrejado no pátio do templo por ordem do rei, depois de condenar o rei e o povo.Fontes: o próprio texto bíblico · Abel · Zacharias · Jehoiada
  • Jesus compara seu anseio de reunir os filhos de Jerusalém a uma galinha que ajunta os pintinhos debaixo das asas. Uma nota de dicionário diz que essa ave conhecida era comum entre os judeus da Palestina em tempos posteriores e que ela só é mencionada neste lamento e no lamento semelhante de Lucas.Fontes: o próprio texto bíblico · Josiah
  • O lamento é dirigido a Jerusalém, uma cidade nas montanhas cujo nome se explica como “possessão de paz” ou “fundamento de paz”. A forma dual do nome provavelmente se refere aos dois montes sobre os quais ela foi construída, Sião e Moriá, ou, como alguns supõem, às partes alta e baixa da cidade. Jesus diz que a cidade mata os profetas e apedreja os que lhe são enviados, e que a casa dela lhe fica desolada.Fontes: o próprio texto bíblico · Jerusalem

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 37

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.