Mateus 15
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Le asimaklɔmaklɔ ƒe kɔnu ŋuti
1Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va be yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu. 2Wobiae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blemakɔnuwo dzi o ɖo? Womewɔa kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.”
3Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo hã, nu ka ta miaƒe kɔnuwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo? 4Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, ‘Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.’ 5Ke miawo miegblɔ be, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu’ la, 6megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. 7Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be,
8“ ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo,
gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.
9Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o,
elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la,
eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’ ”
10Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie. 11Menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o, ke boŋ nu si ame buna kple nya si wògblɔna lae.”
12Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔ me na Farisitɔwo ŋutɔa?”
13Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la medo o la, woahoe kple ke. 14Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”
15Petro biae be wòaɖe lododo la me na yewo.
16Yesu bia wo be, “Ke miawo hã, miese nya sia gɔme oa? 17Mienyae be nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me, eye wòdenɛ le nugodo me oa? 18Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame. 19Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona. 20Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnu hafi ɖu nu o la, maƒo ɖi wò o!”
Kanan nyɔnu la ƒe xɔse
21Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me. 22Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.”
23Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.”
24Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.”
25Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!”
26Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”
27Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”
28Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò.” Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.
Yesu yɔ dɔ dɔnɔ geɖewo
29Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ, eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi. 30Ameha gã aɖe nye zi ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo la vɛ nɛ, eye wòyɔ dɔ wo katã. 31Enye nukunu blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o la gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim, nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe, ameha gã la ƒe nu ku, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.
Yesu nyi ame akpe ene
32Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi.”
33Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?”
34Yesu gabia wo be, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?”
Woɖo eŋu be, “Abolo adre kple tɔmelã vi aɖe koe susɔ.”
35Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba. 36Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 37Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adre me woyɔ fũu. 38Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene (4,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o. 39Azɔ edo mɔ ameha la, eye wòge ɖe ʋu la me, tso ƒua heyi Magadan nutoa me.

Você sabia?
Tradição, a costa de Tiro e pão à beira do lago
- Fariseus e escribas vieram de Jerusalém e perguntaram por que os discípulos de Jesus comiam sem lavar as mãos, tratando isso como uma quebra da tradição dos anciãos. Ele respondeu citando Isaías, que o Easton's Bible Dictionary (1897) identifica como filho de Amoz e situa nos reinados de Uzias, Jotão, Acaz e Ezequias, sobre gente que honra a Deus com os lábios enquanto o coração está longe.Fontes: o próprio texto bíblico · Isaiah
- Jesus retirou-se então para a região de Tiro e Sidom, onde uma mulher cananeia pediu que ele curasse a filha e o chamou de Filho de Davi. Sidom, na costa do Mediterrâneo ao norte de Tiro, tomou o nome de Zidão, o filho mais velho de Canaã e antepassado dos sidônios e dos fenícios. Era a mais antiga cidade fenícia e a cidade-mãe de Tiro; ficava no território de Aser, mas nunca foi subjugada.Fontes: o próprio texto bíblico · Sidon · Tyre · Canaan
- Depois, Jesus seguiu ao longo do mar da Galileia, sentou-se num monte e curou as pessoas postas a seus pés, antes de alimentar quatro mil homens, além de mulheres e crianças, com sete pães e alguns peixinhos. O Easton's Bible Dictionary (1897) observa que João chama esse lago de mar de Tiberíades e situa sua superfície a 682 pés abaixo do Mediterrâneo. O mesmo dicionário diz que a travessia de barco terminou em Magadã, nome que aparece só neste capítulo e que Marcos chama de Dalmanuta, na margem oeste do lago.Fontes: o próprio texto bíblico · Sea of Galilee · Magadan
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 1
- Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 21
- Sidon · Hoje: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · versículo 21
- Tyre · 33.271, 35.196 · versículo 21
- Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 22
- Sea of Galilee · 32.819, 35.590 · versículo 29
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org