Nations Bible

Lucas 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesu dɔ nusrɔ̃la wuieveawo

1Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu. 2Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.

3Ede se na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o. 4Ne mieɖo du aɖe me la, midze aƒe ɖeka ko me.” 5Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.

6Ale nusrɔ̃lawo dze mɔ nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyanyui la kakam, eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo hã ŋu.

Herod kple eƒe dumegãwo ƒe dzimaɖitsitsi

7Esi Herod si nye mɔmefia la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi, eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ, elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.” 8Ɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya ɖe eɖokui fia.” Ame bubuwo hã be, “Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.”

9Le esia ta la, Herod gblɔ na eɖokui be, “Metso ta le Yohanes nu, ke ame kae nye esia si ŋu mele nya wɔnuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu.

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

10Esi apostoloawo trɔ gbɔ va la, wogblɔ nu siwo wowɔ la na Yesu. Emegbe la, Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me. 11Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.

12Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.”

13Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.”

Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?” 14(Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.)

Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me” 15ale ameha la nɔ anyi nenema.

16Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme. 17Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ.

Petro ƒe Yesu me ʋuʋu

18Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ, eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?”

19Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blema Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.”

20Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?”

Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!”

21Ke ede se na wo vevie be womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o.

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ

22Eyi edzi gblɔ na wo be, “Ele be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖe, eye dumegãwo, nunɔlagãwo kple sefialawo agbe nu le egbɔ. Woawui, gake agafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.”

23Egblɔ na wo be, “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atitsoga gbe sia gbe, eye wòanɔ ŋunye ɖaa. 24Ame si di be yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e. Ke ame si tsrɔ̃ eƒe agbe ɖe tanye la, aɖee boŋ. 25Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la, wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe?

26“Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be ne nye Amegbetɔ Vi la metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlãm la, ekema nye hã makpe ŋu le nenem ƒe ame siawo ŋu.

27“Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!”

Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ le to dzi

28Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi, afi si wòɖo be yeado gbe ɖa le. 29Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia. 30Ŋutsu eve, Mose kple Eliya 31wodo kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu.

32Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ. 33Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)

34Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ̃ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo. 35Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, miɖo toe!” 36Esi gbea ɖi vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖe teƒea kple eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃la siawo mekɔ nu le nu si teƒe wokpɔ la dzi na ame aɖeke o, hena ɣeyiɣi didi aɖe.

Yesu da gbe le ŋutsuvi aɖe si me gbɔgbɔ makɔmakɔ nɔ la ŋu

37Le ŋufɔke esi woɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpe Yesu. 38Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò be nàkpɔ vinye ŋutsuvi sia ɖa; eya koe nye vi le asinye. 39Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o. 40Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme, gake womete ŋui o.”

41Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii.”

42Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa. 43Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta.

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku ŋu zi evelia

Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be, 44“Miɖo to afii, eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe ta me. Wole nye Amegbetɔ Vi la de ge asi.” 45Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe susuwo dzi, gawu la, wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase.

Ame kae nye gãtɔ wu

46Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu ŋuti. 47Ke Yesu nya woƒe dzimesusuwo, eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi. 48Eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ. Ke ame si axɔm la, exɔ ame si dɔm la; elabena ame si ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.”

Ame si metsi tsitre ɖe ŋuwò o la le dziwò

49Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”

50Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tsitre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.”

Samariatɔwo gbe Yesu xɔxɔ

51Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo ta me kplikpaa ɖo ta Yerusalem, 52eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava. 53Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ ame dɔdɔawo o, esi wònye Yerusalem woɖo yina ta.

54Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?”

55Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ, eye wògbe nya na wo. 56Ale wodzo yi kɔƒe bubu me.

Yesu yomedzedze ƒe xaxawo

57Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ be, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”

58Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”

59Egblɔ na ame bubu be, “Dze yonyeme!”

Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, na mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.”

60Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.”

61Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme, gake na mayi aɖaklã nye ƒometɔwo gbã hafi mava.”

62Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si le agble ŋlɔm, eye wògale megbe kpɔm la medze na mawufiaɖuƒe la o.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Missão, identidade e o caminho para Jerusalém

  • Herodes, o tetrarca, perplexo com o que se dizia de Jesus, é Herodes Antipas, filho de Herodes com Malthace. Ele disse que tinha decapitado João, enquanto alguns afirmavam que João havia ressuscitado dos mortos, outros que Elias, o tesbita, o "Elias" do Novo Testamento, tinha aparecido, e outros ainda que um antigo profeta havia surgido. Uma cronologia desses acontecimentos data a decapitação de João em 29 d.C.Fontes: Herod Antipas · Elijah · John Beheaded · o próprio texto bíblico
  • Depois que os apóstolos voltaram, Jesus retirou-se com eles para uma cidade chamada Betsaida, onde acolheu as multidões, falou do reino de Deus e alimentou cerca de cinco mil homens com cinco pães e dois peixes. O dicionário bíblico de Easton (1897) situa essa Betsaida no lado leste do lago, a duas milhas rio Jordão acima, na região de Gaulonitis; Filipe, o tetrarca, ampliou-a e chamou-a Julias, por causa da filha do imperador. Alguns supuseram que havia apenas uma Betsaida, construída dos dois lados do lago, perto de onde o Jordão nele entra; o verbete identifica as ruínas como et-Tel.Fontes: Bethsaida · o próprio texto bíblico
  • Pedro, chamado originalmente Simão, respondeu que Jesus é "o Cristo de Deus". Cerca de oito dias depois, Jesus levou Pedro, Tiago e João a um monte para orar; Moisés e Elias apareceram em glória e falaram da partida que Jesus estava para cumprir em Jerusalém. Tiago, irmão mais velho de João e pescador em sociedade com Pedro, estava com eles; ele e João eram chamados Boanerges, "filhos do trovão", provavelmente por causa de sua ousadia e energia, e mais tarde perguntaram se deviam fazer descer fogo do céu sobre uma aldeia de samaritanos que não quis receber Jesus, porque ele seguia para Jerusalém.Fontes: Simon Peter · James (Son of Zebedee) · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 7
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 31, 51, 53

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.