Nations Bible

Lucas 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo

1Gbe ɖeka esi Yesu le tsitre nɔ nu fiam le Genesaret ƒuta la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la. 2Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. 3Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me, eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be wòakui tso go ŋu ayi tsia dzi vie. Esi wòbɔbɔ nɔ eme la, efia nu ameha la tso afi ma.

4Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema miaɖe lã fũu.”

5Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu, gake míeɖe naneke o, gake esi nègblɔe ko la, míagada ɖɔ la.”

6Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me! 7Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be woava kpe ɖe yewo ŋu. Woɖe lã fũu wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ gɔ̃ hã.

8Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.” 9Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo. 10Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo, eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã.

Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ɖelawo!”

11Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome.

Yesu da gbe le anyidzela aɖe ŋu

12Gbe ɖeka la, Yesu kpɔ kpodɔléla aɖe le kɔƒe aɖe si me wòɖi tsa de la me. Esi kpodɔléla la kpɔ Yesu ko la, edze klo tsyɔ̃ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ.”

13Yesu ka asi ŋutsua hegblɔ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” Ŋutsua ŋuti kɔ enumake, eye dɔ la vɔ le eŋu.

14Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”

15Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo, eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya, eye wòada gbe hã le yewo ŋu. 16Gake zi geɖe la, edia ɣeyiɣi aɖe dona le wo dome dzaa yia gbedzi afi aɖe ɖadoa gbe ɖa.

Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu

17Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple sefialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem la me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu.

18Kasia, ame aɖewoe nye esiwo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe, 19gake womete ŋui o le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta. Le esia ta wolia xɔa, eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔ la kple eƒe aba ɖe Yesu kɔme tututu.

20Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”

21Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?”

22Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? 23Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso, nàzɔ azɔli mahã’? 24Ke ne mianyae bena ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒe me.”

25Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu, kasia, ŋutsua tsi tsitre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba, eye wòɖo ta aƒe me henɔ Mawu kafum bobobo. 26Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.”

Yesu yɔ Levi

27Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ dugadzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Dugadzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.” 28Ale Levi gblẽ nu sia nu ɖi, eye wòtso enumake hedze eyome.

29Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu, eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu le eƒe aƒe me. 30Farisitɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ kpɔtsotso le Yesu ƒe nuwɔna sia ŋu, eye wohe nya kple eƒe nusrɔ̃lawo vevie be Yesu ɖua nu henoa nu kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo.

31Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. 32Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ko, hena dzimetɔtrɔ.”

Wobia nya Yesu tso nutsitsidɔ ŋu

33Ameawo gayi edzi bia Yesu be nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã.

34Ke Yesu bia wo be, “Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ li kpli wo mahã? 35Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ, eye ne edzɔ alea la, woatsi nu dɔ le ɣeyiɣi ma me.”

36Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menya kpɔna o; gawu la, enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã. 37Nenema ke womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o; ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo xoxo la awo, eye aha la katã akɔ ɖe anyigba. 38Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo. 39Nenema kee ame aɖeke menoa aha tsitsi vɔ teti ko ganoa yeyetɔ tɔtɔnɛ o, elabena wogblɔna godoo be, ‘Mɔ xoxotɔwo nyo wu.’ ”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Chamados, curas e vinho novo

  • Jesus ensinou o povo do barco de Simão, no lago de Genesaré, enquanto a multidão se apertava na margem. O nome vem de uma cidade de Naftali, na margem ocidental, antes chamada Quinerete; a planície junto ao lago, notável pela fertilidade e pela beleza, era chamada “o Paraíso da Galileia”.Fontes: Gennesaret · o próprio texto bíblico
  • Simão, também chamado Pedro, cresceu em Betsaida, na costa ocidental do mar da Galileia, e aprendeu o ofício de pescador. Tiago e João, seus sócios no outro barco, eram filhos de Zebedeu, um pescador galileu; o Dicionário Bíblico de Easton (1897) infere que Zebedeu tinha certa posição em Cafarnaum, pois possuía dois barcos e jornaleiros.Fontes: Simon Peter · James (Son of Zebedee) · Zebedee · o próprio texto bíblico
  • O homem que Jesus chamou da coletoria se chama Levi neste capítulo; em outros relatos é Mateus, filho de Alfeu, cobrador de impostos em Cafarnaum. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) sugere que ele talvez tenha adotado o nome Mateus em grata lembrança do chamado, e descreve o grande banquete que ofereceu naquele mesmo dia como uma festa de despedida.Fontes: Matthew · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Gennesaret · Hoje: El Ghuweir · 32.861, 35.507 · versículo 1
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 17
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 17
  • Judea · Hoje: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 17

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.