Lucas 24
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu ƒe tsitretsitsi
1Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya la, nyɔnuawo tsɔ ami ʋeʋĩawo ɖe asi heva yɔdoa to, 2gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa. 3Woge ɖe yɔdoa me, gake womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o. 4Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome. 5Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome? 6Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be: 7‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’ ” 8Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi.
9Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo katã. 10Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo. 11Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me. 12Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake ameɖivɔ la ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie.
Le Emaus mɔ dzi
13Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilomita wuiɖekɛ ene. 14Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. 15Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wòde asi zɔzɔme kpli wo. 16Gake womekpɔe dze si o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe ŋkuwo dzi.
17Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.”
Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre, eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ. 18Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, “Ɖewohĩ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le Kɔsiɖa si va yi me la o.”
19Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?”
Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume. 20Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu. 21Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi. 22Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia 23gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe. 24Mía tɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake, ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.”
25Yesu gblɔ na wo be, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! 26Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?” 27Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.
28Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta 29woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃, eye wòyi woƒe aƒe me.
30Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo. 31Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu, eye enumake wòbu le wo gbɔ. 32Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?”
33Enumake wogatso dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo kple Yesu yomedzela bubuwo. 34Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!” 35Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo.
Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo
36Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.”
37Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole. 38Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome? 39Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ, eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o.”
40Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ be woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu le eƒe asiƒome kple afɔƒome la ɖa. 41Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta la, ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?” 42Wotsɔ lã meme kakɛ aɖe nɛ, eye esi wònɔ 43eɖum la, wonɔ ekpɔm!
44Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”
45Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme. 46Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome. 47Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem. 48Miawoe nye ɖasefowo na nu siawo katã. 49Azɔ nye la, madɔ nu si ƒe ŋugbe Fofonye do na mi la ɖe mia dzi. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ si atso dziƒo la akɔ ɖe mia dzi.”
Yesu ƒe dziƒoyiyi
50Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. 51Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe. 52Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo, eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe. 53Wonɔ Yerusalem gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum.

Você sabia?
A manhã da ressurreição e o caminho de Emaús
- Lucas descreve Emaús como uma aldeia a cerca de sete milhas de Jerusalém. O Easton's Bible Dictionary (1897) cita essa distância como sessenta furlongs e registra duas identificações: el-Kubeibeh, a mais de sete milhas a noroeste de Jerusalém, cujo nome, 'pequena cúpula', vem dos restos de uma igreja dos cruzados que ainda se encontram ali, e Khurbet Khamasa, 'as ruínas de Khamasa', a cerca de oito milhas a sudoeste, onde também há ruínas dos cruzados.Fontes: Emmaus · o próprio texto bíblico
- Maria Madalena, Joana, Maria, mãe de Tiago, e outras mulheres que iam com elas foram quem contou aos apóstolos o que havia acontecido no túmulo. Maria Madalena recebe o nome de Magdala, sua terra natal, e o Easton's Bible Dictionary (1897) considera um equívoco identificá-la com a mulher chamada 'pecadora' em Lucas 7. Joana, esposa de Cuza, administrador de Herodes Antipas, tetrarca da Galileia, era uma das mulheres que serviam a Jesus, e o mesmo dicionário diz que ele lhe apareceu depois da ressurreição.Fontes: Mary Magdalene · Joanna · o próprio texto bíblico
- Um dos dois discípulos no caminho chama-se Cléopas, forma abreviada de Cleópatros. O Easton's Bible Dictionary (1897) diz que nada se sabe de certo sobre ele e que não é seguro que fosse o Clopas de João 19:25 nem o Alfeu de Mateus 10:3, embora possa ter sido.Fontes: Cleophas · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 6
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 13, 18, 33, 47, 49, 52
- Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 19
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org