Nations Bible

Levítico 26

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yayra siwo dzea sedziwɔwɔ yome

1“ ‘Legba aɖeke meganɔ mia si o. Migasubɔ aklamakpakpɛwo, aƒeliwo alo kpe kpakpɛwo gbeɖegbeɖe o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.

2“ ‘Miwɔ nye Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa.

3“ ‘Ne miewɔ nye seawo katã dzi la, 4mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo. 5Miaƒe luƒoƒo ayi edzi va se ɖe wainxaɣi, wainxaɣi ayi edzi va se ɖe nuƒãɣi, miaɖu nu siwo katã ahiã mi, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi le dedinɔnɔ me, 6elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ. 7Mianya miaƒe futɔwo ɖe du nu; woaku ɖe miaƒe yi nu. 8Mia dometɔ atɔ̃ anya ame alafa ɖeka ɖe du nu, eye mia dometɔ alafa ɖeka anya ame akpe ewo! Miaɖu miaƒe futɔwo katã dzi. 9Makpɔ mia dzi, mana miadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu si mebla kpli mi la dzi. 10Miaƒe nukuwo asɔ gbɔ na mi wu ale si miehiã ale gbegbe be miaganya nu si miawɔ kple esi atsi anyi o, eye mianya ɣeyiɣi si nuŋeɣi agaɖo o! 11Manɔ mia dome; mianye ŋunyɔnu nam o. 12Mazɔ le mia dome, manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye amewo, 13elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, ale be miaganye kluviwo azɔ o. Meɖe kɔkuti le kɔ dzi na mi, ale be miazɔ abe ablɔɖemewo kple bubumewo ene.’ ”

Tohehe siwo dzea sedzimawɔmawɔ yome

14“Ke ne miaɖo tom alo awɔ nye seawo dzi o, 15ke boŋ miagbe nye ɖoɖowo la, 16ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo.

17“Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã!

18“Ne miegagbe toɖoɖom kokoko la, mahe to na mi vevie zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. 19Maɖe miaƒe ŋusẽ si dzi miedana ɖo la dzi, mana dziƒo nanɔ na mi abe gayibɔ ene, eye anyigba nanɔ na mi abe akɔbli ene. 20Miadagba dzodzro, elabena miaƒe anyigba mana miaƒe nukuwo naʋã o, eye miaƒe kutsetsetiwo matse ku o.

21“Ne miagaɖo tom ɣe ma ɣi hã o la, mana dɔvɔ̃ bubu adre nava mia dzi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. 22Maɖo lã wɔadãwo ɖa be woawu mia viwo, avuvu miaƒe aƒemelãwo, aɖe miaƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ, ale be amewo avɔ le miaƒe mɔwo dzi.

23“Eye ne nu siawo gɔ̃ hã mana miatrɔ dzi me o, ke boŋ miagayi tsitretsitsi ɖe nye didiwo ŋu dzi la, 24ekema nye hã matsi tsitre ɖe miaƒe didiwo ŋu, eye nye ŋutɔ gɔ̃ hã mafia fu mi zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. 25Mabia hlɔ̃ mi le ale si miegbe nye nubabla dzi wɔwɔ ta, to aʋawɔwɔ hehe va mia dzi me. Miasi ayi miaƒe duwo me, eye maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome le afi ma. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi. 26Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko.

27“Ne miagagbe toɖoɖom kple nye sewo dzi wɔwɔ kokoko la, 28ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta. 29Miaɖu miawo ŋutɔ mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, 30makaka vɔsamlekpui siwo le towo dzi, afi si miedea ta agu na legbawo le. Magbã miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo, miaƒe ame kukuwo aƒaƒã ɖe miaƒe legbawo dome, eye mianyɔ ŋu nam. 31Mana miaƒe du gãwo nazu aƒedowo, magblẽ miaƒe mawusubɔƒewo, eye miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo magadze ŋunye o. 32Ɛ̃, mana miaƒe anyigba nazu gbegbe, miaƒe futɔwo axɔ miaƒe anyigba, eye woƒe nu aku le nu si mewɔ mi la ta.

33“Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã. 34Ekema anyigba la akpɔ gbɔdzɔe le ɣeyiɣi siwo katã wònye gbegbe la me, esime miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, ekema anyigba la adzudzɔ, eye wòakpɔ eƒe gbɔdzɔe. 35Le ɣeyiɣi siwo katã me wònye gbegbe la, anyigba la akpɔ dzudzɔ si mekpɔ le dzudzɔgbe siwo mienɔ edzi la kpɔ o.

36“Mana woaɖe aboyo ame siwo aganɔ agbe la ayi didiƒenyigbawo dzi abe aʋaléleawo kple kluviwo ene. Woanɔ afi ma kple dzodzo nyanyanya ɣe sia ɣi. Ne ya ƒo aŋugba la, eƒe gbeɖiɖi ana woasi abe ame aɖee le wo nyam kple yi ene. Woadze anyi le esime ame aɖeke mele wo nyam o. 37Ɛ̃, togbɔ be ame aɖeke mele wo nyam o hã la, woasi, anɔ wo nɔewo dzi dzem abe ame siwo le sisim le aʋagbedzi, eye womate ŋu anɔ te ɖe futɔwo nu o ene. 38Miatsrɔ̃ le dukɔwo dome, eye miaƒe futɔwo awu mi. 39Ame siwo atsi agbe la atsi asi le futɔwo ƒe anyigba dzi le woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ siwo wo fofowo wɔ la ta.

Wowɔ nubabla yeye

40“Ke ne woaʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo me, woƒe tsitretsitsi ɖe ŋunye kple woƒe fulélem si 41na meɖo wo ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi me la, ekema ne woƒe dzi kuatriwo bɔbɔ wo ɖokui, eye woxe fe ɖe woƒe nu vɔ̃ ta la, 42magaɖo ŋku ŋugbe siwo medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Maɖo ŋku anyigba la kple ale si amewo gblẽe ɖi la dzi, 43elabena ele be anyigba la nagbɔ ɖe eme le esime amewo dzo le edzi. Ekema, mlɔeba la, woaxɔ woƒe tohehe le nye seawo dzi mawɔmawɔ kple woƒe vlododo nye dziɖuɖu ta. 44Ke togbɔ be wowɔ nu siawo katã hã la, nyematsrɔ̃ wo kple nubabla si mewɔ kpli wo la ɖikaa o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. 45Le woawo ta la, maɖo ŋku nye ŋugbedodowo na wo tɔgbuiwo dzi be manye woƒe Mawu, elabena nyee kplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte le esime dukɔwo katã ƒe nu ku esi wonɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Nyee nye Yehowa!” 46Esiawoe nye se kple ɖoɖo siwo Yehowa na Israelviwo to Mose dzi le Sinai to la dzi.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Bênçãos, advertências e a aliança no Sinai

  • As leis e decretos que concluem esta seção foram estabelecidos entre o SENHOR e os israelitas por meio de Moisés enquanto estavam acampados no monte Sinai. Essas determinações estipulavam bênçãos concretas pela obediência, como fartura agrícola e paz, além de consequências disciplinares progressivas em caso de quebra da aliança.Fontes: o próprio texto bíblico · Mount Sinai · Moses
  • As advertências deste capítulo associam a observância das leis do sábado diretamente ao solo. Caso o povo não concedesse à terra o descanso devido, o texto adverte que a conquista estrangeira e o exílio deixariam os campos desolados, permitindo que a terra finalmente desfrutasse dos sábados não cumpridos.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Mesmo diante de punições severas e dispersão entre nações inimigas, a passagem promete que o arrependimento levará Deus a se lembrar de Sua aliança com Abraão, Isaque e Jacó. A aliança não seria anulada permanentemente porque Deus permanece fiel às promessas feitas aos patriarcas.Fontes: o próprio texto bíblico · Abraham · Isaac · Jacob (Israel)

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 13, 45

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.