Levítico 24
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Ami kple abolo si woatsɔ aɖo Yehowa ƒe ŋkume
1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. 3Le Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe xɔmetsovɔ megbe la, Aron akpɔ akaɖiawo dzi woanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime. 4Woakpɔ akaɖi siwo le sikakaɖiti la dzi le Yehowa ŋkume la dzi ɣeawo katã ɣi.
5“Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe, 6ada ɖe fli eve me: ade nanɔ fli ɖeka me le sikakplɔ̃ si le tsitre ɖe Yehowa ŋkume la dzi. 7Woatsɔ wɔ memee kilogram wuieve ame abolo ɖe sia ɖe. Woawu lifi ɖe fli eveawo dzi. Esia anye dzovɔsa na Yehowa, 8Woaɖoe Yehowa ƒe ŋkume ɖaa Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe, eye miatsɔe aɖo ŋku Mawu ƒe nubabla mavɔ si wòwɔ kple Israelviwo la dzi. 9Aron kple via ŋutsuwo aɖu abolo la le teƒe tɔxɛ si woɖo na aboloawo ɖuɖu, elabena esiawoe nye dzovɔ si wosa na Yehowa le eƒe se mavɔ la nu. Wonye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo.”
Woƒu kpe busunyagblɔla aɖe
10Gbe ɖeka, le asaɖa la me la, ɖekakpui aɖe si dada nye Israel nyɔnu, eye fofoa nye Egiptetɔ la wɔ avu kple Israel ŋutsu aɖe. 11Le avu sia wɔwɔ me la, Israel nyɔnu la ƒe vi gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wohee va Mose gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Dadaa ŋkɔe nye Selomit, Dibri ƒe vinyɔnu, tso Dan ƒe to la me.) 12Wodee gaxɔ me va se ɖe esime Yehowa aɖe nu si woawɔe la afia.
13Yehowa gblɔ na Mose be, 14“Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee. 15Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ƒo fi de eƒe Mawu la, ekema eɖi fɔ; 16woawu ame sia ame si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame sia ame si le ameha la me aƒu kpee. Eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro, ne edo vlo Ŋkɔ la ko, woawui.
17“ ‘Kpe ɖe esia ŋuti la, woawu hlɔ̃dolawo katã. 18Ne ame aɖe wu lã aɖe si menye etɔ o la, ele be wòaɖoe eteƒe. 19To si woahe na ame aɖe si awɔ nuvevi ame aɖe lae nye be woawɔ nuvevi ma tututu eya hã le mɔ ma ke nu: 20ƒuŋeŋe ɖe ƒuŋeŋe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe. Nu sia nu si ame aɖe awɔ nɔvia la, woawɔ nu ma tututu eya hã.
21“ ‘Megale egblɔm be ne ame aɖe wu ame bubu aɖe ƒe lã la, ele be wòaɖo eteƒe, eye ne ame aɖe wu ame la, woawu eya hã. 22Se siwo miatsɔ akplɔ amedzrowo la, woawo kee miatsɔ akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo hã, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
23Ale Mose ƒo nu na Israelviwo eye wohe ɖekakpui la yi asaɖa la godo, eye woƒu kpee va se ɖe esime wòku abe ale si Yehowa de se na Mose ene.

Você sabia?
As Lâmpadas do Tabernáculo, os Pães e a Igualdade na Lei
- Arão recebeu a ordem de cuidar do candelabro de ouro puro fora do véu do Testemunho, desde a tarde até a manhã, usando azeite puro de olivas prensadas trazido pelos israelitas. Ao lado do candelabro ficava uma mesa de ouro puro com doze pães dispostos em duas fileiras com incenso puro, renovados a cada sábado e consumidos exclusivamente por Arão e seus filhos em lugar sagrado.Fontes: o próprio texto bíblico · Aaron
- Uma disputa no acampamento envolveu um homem cuja mãe, Selomite, filha de Dibri, pertencia à tribo de Dã, enquanto seu pai era egípcio. Quando o homem blasfemou o Nome durante uma briga, foi mantido sob custódia até que Moisés recebesse instrução divina sobre como aplicar a justiça.Fontes: o próprio texto bíblico · Shelomith · Dibri · Dan
- A decisão legal apresentada nesta passagem estabeleceu que o mesmo padrão de justiça se aplicava igualmente ao estrangeiro residente e ao natural da terra. Também reiterou o princípio da justiça proporcional, sintetizado como fratura por fratura, olho por olho e dente por dente.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org