Levítico 22
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1Yehowa gblɔ na Mose bena, 2“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa.
3“Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la, woaɖe nunɔlanyenye la le edzi, elabena nyee nye Yehowa.
4“ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu, 5alo wòka asi lã tata alo lã makɔmakɔ aɖe ŋu alo wòka asi ame si ŋuti mekɔ o le nane ta la, 6nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi. 7Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu akɔ, eye wòate ŋu aɖu nu kɔkɔe la azɔ, elabena eya dzie wòanɔ agbe ɖo. 8Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu o, elabena nu sia ana wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa.
9“ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti.
10“ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. 11Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me. 12Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu ɖe srɔ̃ tso to bubu me la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o. 13Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.
14“ ‘Ne amedzro aɖe ɖu nu kɔkɔe la le ŋuɖeɖi me la, axe nu si wòɖu la ƒe fe na nunɔla, eye wòatsɔ home la ƒe memama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu, 15elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na. 16Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ”
Vɔsa siwo medze o
17Yehowa gblɔ na Mose be, 18“Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe, dzɔleaƒea alo amedzro si le Isreal sa numevɔ na Yehowa abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo nunana le lɔlɔ̃nu ene la, 19Yehowa axɔe, ne enye lãtsu si de blibo, eye wònye nyitsuvi fɛ̃ alo alẽ alo gbɔ̃. 20Mele be woana nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke le la o, elabena Mawu maxɔe o. 21Ne ame aɖe be yeasa akpedavɔ na Yehowa tso eƒe lãhawo me, abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo abe nu si tso eƒe dzi me nana ko ene la, ele be wòana lã aɖe si de blibo. Ne mele alea o la, Yehowa maxɔ eƒe nunana la o. 22Womatsɔ lã si nye ŋkuagbãtɔ alo lã si afi aɖe gblẽ na alo lã si dze abi alo akpa alo le ŋutigbalẽmedɔ bubu aɖe lém la vɛ na Yehowa o. Medze na numevɔsa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi o. 23Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o. 24Womatsɔ lã si nuvevi wɔ voku na alo lã si wota la ana Yehowa ɣe aɖeke ɣi o. 25Amedzro siwo le mia dome kple Israelviwo siaa woawɔ se siawo dzi le vɔsanuwo nana me, elabena Mawu maxɔ lã si ŋu nane gblẽ le la na vɔsa sia o.’ ”
26Yehowa gblɔ na Mose be, 27“Ne wodzi nyivi alo alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, woana wòanɔ dadaa gbɔ ŋkeke adre. Tso ŋkeke enyilia dzi la, woaxɔe abe dzovɔsa ene na Yehowa. 28Mègawu nyi alo alẽ kple via le ŋkeke ɖeka dzi o.
29“Ne èsa akpedavɔ na Yehowa la, sae ale be woate ŋu axɔe na wò. 30Ele be woaɖui gbe ma gbe ke; mègagblẽ eƒe ɖeke ɖi va se ɖe ŋdi o. Nyee nye Yehowa.
31“Ele be mialé nye seawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa. 32Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Ele be Israelviwo nabum ame kɔkɔe. Nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe, 33eye mekplɔ mi tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa.”

Você sabia?
Santidade nas Ofertas e no Sacerdócio
- As ofertas sagradas consagradas pelos israelitas serviam de alimento para os sacerdotes e suas famílias. Contudo, regras estritas determinavam quem podia comê-las: um descendente de Arão impuro era proibido até o entardecer após se banhar, pessoas de fora e diaristas eram excluídos, mas escravos comprados ou nascidos na casa podiam participar.Fontes: o próprio texto bíblico
- Os animais trazidos como sacrifício queimado ou oferta de comunhão deviam ser sem defeito, sem cegueira, feridas ou deformidades. Além disso, o animal recém-nascido devia permanecer com a mãe por sete dias antes de ser aceito para sacrifício a partir do oitavo dia.Fontes: o próprio texto bíblico
- Se alguém que não pertencesse à família sacerdotal comesse de uma oferta sagrada por engano, a lei exigia a restituição do valor acrescido de um quinto pago ao sacerdote. Isso garantia que as contribuições consagradas a Deus não fossem tratadas com descuido.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 33
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org