Levítico 13
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Se siwo ku ɖe ŋutigbalẽ ƒe dɔlélewo ŋuti
1Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, 2“Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ. 3Nunɔla la alé ŋku ɖe abi si le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la ŋu. Ne ŋutifu si le teƒea fu, eye teƒea nye ɖe eme vie la, ekema anyie. Nunɔla la atso nya me be anyidzela la ŋu mekɔ o. 4Ke ne teƒe si fu kpii la menye ɖe eme vie o, eye fu si le teƒea mefu o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre. 5Le ŋkeke adrea gbe la, nunɔla la agadoe akpɔ. Ne teƒea metrɔ o, eye megakeke ɖe edzi hã o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre bubu. 6Nunɔla la agadoe akpɔ le ŋkeke adre evelia gbe. Ne dɔléle la dzi ka ɖe, eye teƒea megakeke ɖe edzi o la, ekema nunɔla la atso nya me be amea ŋuti kɔ, dzi koe ƒo ɖe eŋu. Nu si amea awɔ la koe nye wòanya eƒe awuwo, eye eƒe ŋuti akɔ, 7gake nenye be dzi la keke ɖe edzi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu esi wòtsɔ eɖokui fia nunɔla la be wòagblɔ be eŋuti kɔ vɔ megbe la, ele nɛ be wòagbugbɔ ayi nunɔla la gbɔ. 8Eye nunɔla la agadoe kpɔ. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, kpodɔe wòdze.
9“Ne ame aɖe dze ŋutigbalẽdɔ si woate ŋu axɔ le ame ŋu la, woakplɔe ayi nunɔla gbɔe. 10Nunɔla la alé ŋku ɖe eŋu eye ne nutete ɣi aɖe le eƒe ŋutilã ŋu la, 11ekema eme kɔ ƒãa be anyie, eye nunɔla la naɖe gbeƒã be eŋu mekɔ o. Mele be woagatu amea ɖe xɔ me be woagalé ŋku ɖe eŋu o, elabena eme kɔ ƒãa be edze dɔ la.
12“Ke ne nunɔla la kpɔ be kpodɔ la xɔ ŋuti katã na amea, tso eƒe tame yi eƒe afɔ gbɔ, 13kple afi sia afi si wòakpɔ ɖa le la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, nenye be eŋuti katã fu kpii la, ekema eŋuti kɔ le se la nu. 14Ke ne eƒe ŋutilã ƒe teƒe aɖe ƒlɔ la, ekema efia be edze kpodɔ. 15Nunɔla la agalé ŋku ɖe eŋu, eye ne ekpɔ be eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe ƒlɔ la, ekema aɖe gbeƒã be ame la dze kpodɔ. Ŋutilã ƒe ƒɔƒlɔ fia be amea le kpodɔ lém, eya ta eŋuti mekɔ o. 16Gake ne ŋutilã ƒe akpa si ƒlɔ la ɖɔ ɖo, eye wòle abe ŋutilãa ƒe akpa bubuawo ene la, ame la atrɔ ayi ɖe nunɔla la gbɔ, 17eye nunɔla la agadoe akpɔ. Nenye be teƒe ƒɔƒlɔ la ɖɔ ɖo abe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo ene la, ekema eŋuti kɔ le se la nu, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti kɔ.
18“Ne ƒoƒoe ƒo ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, wòɖi tsi vɔ, 19eye le teƒe si ƒoƒoe la ƒo nɛ nu ƒoƒoe wuliwuli aɖewo ƒo ɖi esiwo le ɣie alo le nu dzĩ kple nu ɣi dome la, ele nɛ be wòatsɔ eɖokui afia nunɔlaa. 20Ne nunɔla la doe kpɔ, eye wòkpɔ be dɔléle la tso keke eƒe lãme, ke eye fu si le teƒea fu kpii la, ekema nunɔla la atso nya me be, eŋuti mekɔ o, elabena edze kpodɔ to ƒoƒoe la teƒe. 21Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, eye teƒea hã menye ɖe eme o, ke teƒea le fufu kple nyɔnyɔ dome la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre. 22Ne teƒea keke ɖe edzi le ŋkeke adre mawo me la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, ezu kpodɔléla. 23Ke ne teƒea mekeke ɖe edzi o la, ekema ƒoƒoe la ƒe abiteƒe koe. Nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ.
24“Ne dzo me ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, eye emegbe teƒea biã loo alo le biabiã kple fufu dome alo fu kpii le teƒe si dzoa me na amea la, 25ele be nunɔla la nalé ŋku ɖe teƒea ŋu. Ne fu si le teƒea fu, eye wòdze abe dɔléle la tso amea ƒe lãme ke ene la, ekema woanya be amea dze kpodɔ to dzobi la teƒe, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti mekɔ o, edze anyi. 26Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, teƒea ƒe biabia metso amea ƒe lãme ke o, eye eƒe amadede dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema nunɔla la atui ɖe xɔ me ŋkeke adre, 27eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋu mekɔ o, edze kpodɔ. 28Ke ne teƒe biabiã la medze le teƒe bubu aɖeke loo alo keke ɖe edzi o, eye eƒe biabiã dzi ɖe kpɔtɔ la, ekema wòanya be dzobi la ƒe abiteƒe koe. Ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, dzobi la teƒe koe ɖi atse.
29“Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe dze abi ɖe ta alo glã la, 30nunɔla alé ŋku ɖe abi la ŋu. Ne abi la teƒe dze abe ɖe wòde eme wu amea ƒe ŋutilã, ɖa si le afi ma ƒe amadede le abe aŋutiɖiɖi ene, eye wòle belie la, nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋuti mekɔ o; enye ta alo glã ƒe dɔléle. 31Ke ne nunɔla la kpɔ be ŋutigbalẽ la ŋuti ko abi la dzɔ tso, eye ɖa yibɔ le abia me la, ekema atui ɖe xɔ me ŋkeke adre, 32eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, ne fu si le afi ma ƒe amadede meɖi aŋuti ɖiɖi tɔ o, eye ne medze be dɔléle aɖee tso eƒe lãme ke o la, 33ekema nunɔla la aƒlɔ ɖa, aƒo xlã teƒe la, ke menye le teƒea ŋutɔ o. Nunɔla la agatui ɖe xɔ me ŋkeke adre bubu, 34eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, eye medze abe dɔléle la tso ŋutigbalẽ la te o ene la, ekema nunɔla la atso nya me be medze kpodɔ o. Ekema ne enya eƒe awuwo ko la, eŋuti kɔ. 35Ke ne teƒe la de asi keke me ɖe edzi emegbe la, 36ekema nunɔla la agadoe kpɔ, eye magalala be yeakpɔ be ɖa ƒe amadede trɔ ɖi aŋuti ɖiɖi hafi wòatso nya me be amea dze kpodɔ o. 37Gake ne edze be teƒe la megale kekem ɖe edzi o, eye ɖa yibɔ le teƒea la, ekema dɔléle la nu tso, amea menye kpodɔléla o, eya ta nunɔla la atso nya me be eƒe ŋuti kɔ.
38“Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo fu kpii, 39eye teƒe la ƒe fufu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema amea medze anyi o, ke boŋ dɔléle aɖe koe ƒo ɖe eŋu.
40“Womatsɔ ame aɖeke ƒe ɖa ƒe bebe le ta nɛ abe anyidzedze ene o! 41Ne ɖa vɔ le ame aɖe ƒe ŋgonu la, ekema amea ƒe ŋgoe kpã: esia menye anyidzedze o. 42Ke ne teƒe aɖe le biabiã kple fufu dome le ta kpakpã la teƒe la, ekema anye kpodɔ dzem wòle. 43Ekema nunɔla la adoe akpɔ. Ne teƒe la le kpokploo, mebiã tututu o, eye mefu tututu abe kpodɔ ƒe dzesi ene o hã la, 44ekema nunɔla la atso nya me be amea dze kpodɔ.
45“Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’ 46Ŋkeke ale si dɔléle la le eŋu ko la, eŋuti mekɔ o. Ele be wòanɔ asaɖa la godo.”
Se tso dɔléle siwo nɔa awuwo kple nuwo me ŋu
47“Ne nane dze le nudodo alo nutata aɖe me, eɖanye lãfu tɔ alo ɖeti tɔ, 48alo nu si wolɔ̃ kple ɖeti alo lãfu, 49eye aŋgbamu alo ama dzĩ teƒe aɖe le eme la, anye kpodɔ. Ekema woatsɔ nu la ayi na nunɔla wòadoe akpɔ. 50Nunɔla la atsɔ nu la adzra ɖo ŋkeke adre, 51eye wòagalé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la keke ɖe edzi la, ekema kpodɔ si woate ŋu axɔ lae. 52Ekema ele be nunɔla la natɔ dzo awu la, avɔ la alo nu si wolɔ̃ kple lãfu, ɖeti alo lãgbalẽ la, elabena woate ŋu axɔ kpodɔ la, eya ta ele be woatɔ dzoe.
53“Ke ne nunɔla la lé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe, eye wòkpɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o la, 54ekema ana woanya alo aklɔ nu la, eye wòatsɔe adzra ɖo ŋkeke adre. 55Le ŋkeke adrea megbe, ne teƒe la ƒe amadede metrɔ o, togbɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o hã la, efia be kpodɔe, eya ta ele be woatɔ dzoe, elabena kpodɔ le eme. 56Ne nunɔla la kpɔ be teƒe la ƒe amadede klo le nua nyanya megbe la, ekema alã teƒe la ɖa le avɔ la, lãgbalẽnu alo nu lɔlɔ̃ la me. 57Ke ne wogakpɔ dzesi ma le nu lɔlɔ̃a me la, ekema kpodɔe: ele be nunɔla la natɔ dzoe. 58Ke ne dzesi ma megadze le nu lɔlɔ̃a nyanya vɔ megbe o la, woaganyae, eye woagate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ.”
59Esiawoe nye se siwo ku ɖe kpodɔ ƒe avɔ si wolɔ̃ kple lãfu alo ɖeti me nɔnɔ ŋuti. Wofia ale si woawɔ aka ɖe edzi be kpodɔléle la le eme loo alo mele eme o.
Você sabia?
Leis Sobre Doenças de Pele e Tecidos Contaminados
- A responsabilidade de diagnosticar afecções de pele cabia a Arão e a seus filhos, e não a médicos. Os sacerdotes inspecionavam sinais visuais específicos, como a alteração da cor dos pelos para branco ou amarelo e a profundidade da lesão, frequentemente impondo um isolamento de sete dias para observar se a condição se espalhava.Fontes: o próprio texto bíblico
- A pessoa declarada ritualmente impura por causa de uma doença de pele crônica devia rasgar suas roupas, deixar o cabelo solto, cobrir a boca e clamar 'Impuro, impuro!'. Enquanto a infecção persistisse, ela era obrigada a viver isolada fora do acampamento.Fontes: o próprio texto bíblico
- As regras de diagnóstico também se aplicavam a tecidos e artigos de couro feitos de lã ou linho. Se uma peça apresentasse manchas verdes ou vermelhas que se espalhassem e não saíssem com a lavagem após a quarentena, devia ser totalmente queimada para evitar contaminação.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org