Levítico 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Nadab kple Abihu ƒe ku
1Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se si Yehowa de na wo la dzi o, 2eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku le Yehowa ŋkume. 3Tete Mose gblɔ na Aron be,
“Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be,
‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe
eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ”
Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo.
4Mose yɔ Misael kple Elzafan, wo tɔɖia Uziel ƒe viŋutsuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi miakɔ mia nɔviwo ƒe ŋutilã fiafiawo tso Agbadɔ la ŋkume yi ɖada ɖe asaɖa la godo.”
5Woyi ɖakɔ wo; wole woƒe awutewui ʋlayawo me abe ale si Mose gblɔ na wo la ene.
6Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve, Eleaza kple Itamar be, “Migafa ame kukuawo o, eye migagblẽ miaƒe ɖa ɖi mavumavui abe konyifafa ƒe dzesi ene o; migadze miaƒe awuwo hã o. Ne miewɔ nu siawo la, eƒe dziku abi ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu. Ke Israelvi bubuawo ya ate ŋu afa avi na Nadab kple Abihu le dzo dziŋɔ si Yehowa ɖo ɖa la ta. 7Ke miawo ya la, mele be miadzo le Agbadɔ la nu o. Ne miedzo la, miaku elabena Yehowa ƒe ami si wosi na mi la gale mia dzi.” Eye wowɔ se si Mose de na wo la dzi.
8Yehowa gblɔ na Aron bena, 9“Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna. 10Wò dɔdeasiwo anye be mialé avu ɖe amewo nu, miafia vovototo siwo le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome, 11eye miafia Israelviwo se siwo katã Yehowa de na mi to Mose dzi la ameawo.”
12Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe, 13eya ta miaɖui le Kɔkɔeƒe la. Miawo kple mia viwo tɔe wònye tso vɔsa si wome na Yehowa la me, elabena eyae nye se si wode nam. 14Ke miate ŋu aɖu lã la ƒe akɔ kple ata si wonye le yame le Yehowa ŋkume abe nu si wotsɔ nɛ ƒe dzesi ene la, le teƒe kɔkɔe ɖe sia ɖe. Wò kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo ƒe nuɖuɖue. Eyae nye mia tɔ le Israelviwo ƒe akpedavɔsawo me.
15“Ele be ameawo natsɔ ata si woɖe ɖe aga kple akɔ si wona esi wotɔ dzo amiawo la vɛ. Woatsɔ wo ana Yehowa to wo nyenye le yame me. Ekema woazu wò kple viwòwo tɔ, elabena esiae nye Yehowa ƒe ɖoɖo.”
16Mose di gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la le afi sia afi. Eva dze sii be wotɔ dzoe xoxo! Nu sia na wòdo dɔmedzoe vevie ɖe Eleaza kple Itamar, Aron ƒe viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu.
17Ebia wo be, “Nu ka ta mieɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la, si nye nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe la le teƒe kɔkɔe la o, le esime wotsɔe na mi be miatsɔ aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo ɖa, eye mialé avu le woawo kple Yehowa dome? 18Zi ale si wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la o la, ɖe wòle be miaɖui le afi ma abe ale si meɖo na mi ene hafi.”
19Ke Aron xɔ nya ɖe wo nu le Mose gbɔ hegblɔ be, “Wosa woƒe nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ le Yehowa ŋkume; ke nenye ɖe meɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la egbe la, ɖe wòadze Yehowa ŋua?” 20Esi Mose se nya siawo la, eƒe dzi dze eme.
Você sabia?
Fogo Não Autorizado e Conduta Sacerdotal
- Nadabe e Abiú, os filhos mais velhos de Arão, apresentaram fogo não autorizado diante do Senhor e morreram diante do santuário. Moisés então chamou seus primos Misael e Elzafã, filhos de Uziel, tio de Arão, para levarem os corpos para fora do acampamento ainda vestidos com suas túnicas.Fontes: o próprio texto bíblico · Nadab · Abihu · Uzziel
- Moisés ordenou a Arão e a seus filhos restantes, Eleazar e Itamar, que não rasgassem suas vestes, não desgrenhassem os cabelos nem saíssem da entrada da Tenda do Encontro para prantear, pois o óleo da unção do Senhor estava sobre eles.Fontes: o próprio texto bíblico · Eleazar · Ithamar
- Deus ordenou diretamente a Arão que os sacerdotes não bebessem vinho nem bebida fermentada ao entrar na Tenda do Encontro. Essa proibição visava garantir que mantivessem a clareza para distinguir entre o santo e o profano, e entre o puro e o impuro.Fontes: o próprio texto bíblico · Aaron
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org