Josué 23
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yosua ƒe kaklãnya na kplɔlawo
1Le esiawo katã megbe esi Yehowa na be Israelviwo ɖu woƒe futɔwo katã dzi, eye wokpɔ gbɔdzɔe la, Yosua, ame si zu amegãɖeɖi azɔ la 2yɔ Israel ƒe kplɔlawo, ametsitsiwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo katã ƒo ƒu hegblɔ na wo be, “Fifia metsi azɔ. 3Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi. 4Mema dukɔ siwo gali kokoko kple esiwo dzi meɖu la ƒe anyigbawo na mi abe miaƒe domenyinu ene, tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣedzeƒe heyi Domeƒu la ŋu le ɣetoɖoƒe. 5Yehowa, miaƒe Mawu la ana miaƒe futɔwo nagbugbɔ, eye wòanya wo, woasi le mia ŋgɔ. Miaxɔ woƒe anyigbawo abe ale si Yehowa, miaƒe Mawu la do ŋugbe na mi ene.
6“Ke miwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me la dzi pɛpɛpɛ. Migade axa na seawo dzi wɔwɔ le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nu o. 7Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o. 8Ke midze Yehowa, miaƒe Mawu la yome abe ale si miele wɔwɔm va se ɖe fifia ene. 9Yehowa nya dukɔ triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye dukɔ aɖeke mete ŋu ɖu mia dzi o. 10Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi, 11eya ta mikpɔ egbɔ be yewoyi Yehowa miaƒe Mawu lɔlɔ̃ dzi.
12“Ne miegbugbɔ le Yehowa yome, eye ne miede asi srɔ̃ɖeɖe tso wo dome me la, 13ekema minyae nyuie be, Yehowa maganya dukɔ mawo ɖa le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ azu mɔ si wotre na mi, ana miase veve le miaƒe axadame, wòazu ŋu anɔ ŋku tɔm na mi, eye miatsrɔ̃ le anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la dzi.
14“Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o. 15Ke abe ale si wòwɔ ŋugbe siwo katã wòdo na mi dzi ene la, nenema ke wòawɔ ɖe nya vɔ̃ siwo katã wògblɔ da ɖi la hã dzii. 16Ne miewɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi dzi o, eye ne miesubɔ Mawu bubuwo la, ekema ahe to na mi le eƒe dɔmedzoe me, eye eteƒe madidi o la, mia dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe anyigba nyui si Yehowa tsɔ na mi la dzi o.”

Você sabia?
O Discurso de Despedida de Josué
- Em idade avançada, depois que Israel desfrutou de um período de descanso de seus inimigos, Josué reuniu os anciãos, líderes, juízes e oficiais de Israel. Ele os exortou a serem fortes e a guardarem fielmente tudo o que estava escrito no Livro da Lei de Moisés.Fontes: o próprio texto bíblico · Joshua · Moses
- O território concedido às tribos estendia-se desde o rio Jordão para o ocidente até o Grande Mar, designação antiga para o Mar Mediterrâneo. Josué advertiu Israel contra fazer alianças, casar-se entre si ou adorar os deuses das nações que ainda permaneciam na região.Fontes: o próprio texto bíblico · Jordan · Great Sea
- Josué enfatizou a fidelidade à aliança, destacando que, assim como nenhuma das boas promessas de Deus havia falhado, violar o pacto e servir a outros deuses traria inevitavelmente a ruína e a perda da terra.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Great Sea · Hoje: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · versículo 4
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 4
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org