Nations Bible

Josué 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Levitɔwo ƒe duwo

1Levitɔwo ƒe kplɔlawo va Silo be yewoalé nya aɖe akpɔ kple nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israel ƒe to vovovoawo ƒe kplɔlawo.

2Wogblɔ na takpekpe la be, “Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, be wòatsɔ du aɖewo ana mí Levitɔwo, woanye aƒe na mí kple lãnyiƒe na míaƒe lãwo.”

3Eya ta Israelviwo tsɔ du siwo dzi woɖu la dometɔ aɖewo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo abe ale si Yehowa gblɔ ene.

4Levi ƒome la ƒe akpa si tso Kohat ƒe hlɔ̃ me lae nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae. Aron ƒe dzidzimeviwo hã xɔ du wuietɔ̃ siwo nye: Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe.

5Wotsɔ du ewo tso Efraim ƒe viwo ƒe duwo me na Kohat ƒe ƒome bubuawo.

6Gerson ƒe viwo xɔ du wuietɔ̃ siwo wotia to akɔdada me tso du siwo le Basan la me. Isaka ƒe viwo, Aser ƒe viwo, Naftali ƒe viwo kple Manase ƒe to ƒe afã ɖe asi le du siawo ŋu na wo.

7Merari ƒe viwo xɔ du wuieve tso Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo gbɔ.

8Ale wowɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi, eye woma du siawo kple lãnyiƒe siwo le wo ŋu la to akɔdada me.

9Esiawoe nye du siwo woxɔ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigba dzi 10na Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo wɔ Kohat hlɔ̃, eye wodzɔ tso Levi me. Woawoe nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae.

11Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu. 12Ke wotsɔ agblenyigba siwo le dua kple kɔƒe siwo le eŋu la na Kaleb, Yefune ƒe vi, abe eƒe domenyinu ene xoxo.

13Hekpe ɖe Hebron si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka ŋu la, du siwo wogatsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo la woe nye Libna, 14Yatir, Estemoa, 15Holon, Debir, 16Ain, Yuta kple Bet Semes kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Wonye du asiekɛ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigbawo me.

17Wona du ene siawo wo, le Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi:

Gibeon, Geba, 18Anatɔt kple Almon kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. 19Ale wotsɔ du wuietɔ̃ kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviwo.

20Wotsɔ du aɖewo tso Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi na ƒome bubu aɖewo tso Kohat hlɔ̃ la me.

21Wotsɔ du ene siawo le Efraim tonyigba la dzi la na wo:

Sekem si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo le Efraim ƒe tonyigba la dzi, Gezer, 22Kibzaim kple Bet Horon kple wo ŋu lãnyiƒewo. 23Wotsɔ du ene siawo, Elteke, Gibeton, 24Aiyalon kple Gat Rimon kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo tso Dan ƒe viwo ƒe anyigba dzi.

25Wotsɔ du eve na wo le Manase ƒe viwo ƒe to afã la ƒe anyigba dzi; du siawoe nye Taanak kple Gat Rimon kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu. 26Ale ƒome siwo tso Kohat hlɔ̃ la me la, xɔ du ewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.

27Levitɔ bubu siwo tso Gerson hlɔ̃ la me la xɔ du eve kple woƒe lãnyiƒewo:

le Manase ƒe viwo ƒe ɣedzeƒenyigba dzi.

Du siawoe nye Golan le Basan, si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Be Estera.

28Woxɔ du ene siawo le Isaka ƒe viwo ƒe anyigba dzi:

Kision, Daberat, 29Yarmut kple En Ganim, kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene.

30Woxɔ du ene siawo le Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi:

Misal, Abdon, 31Helkat kple Rehob, kpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene. 32Woxɔ du etɔ̃ le Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi:

Kedes le Galilea si nye Sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Hamot Dor kple Kartan kple wo ŋu lãnyiƒewo siwo le du etɔ̃. 33Ale ƒome vovovoawo tso Gerson ƒe hlɔ̃ la me xɔ du wuietɔ̃ kple woƒe lãnyiƒewo.

34Levitɔ mamlɛawo, ame siwo nye Merari ƒe hlɔ̃ la xɔ du ene siawo:

le Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba dzi:

Yokneam, Karta, 35Dimna kple Nahalal kple woƒe lãnyiƒewo siwo nye du ene.

36Woxɔ du ene, Bezer, Yahaz, 37Kedemot kple Mefaat kple wo ŋu lãnyiƒewo le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi siwo le du ene.

38Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi:

Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim, 39Hesbon kple Yazer kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. 40Ale du siwo katã wodzidze nu tsɔ na Merari ƒe hlɔ̃ siwo nye Levitɔwo ƒe ƒome mamlɛawo la le du wuieve.

41Du siwo katã nɔ Levitɔwo si le Israelnyigba dzi la, le blaene-vɔ-enyi kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu. 42Lãnyiƒewo ƒo xlã du siawo dometɔ ɖe sia ɖe, aleae wònɔ na du ɖe sia ɖe.

43Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma. 44Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi. 45Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

As Cidades dos Levitas

  • Ao contrário das outras tribos de Israel, a tribo de Levi não recebeu um território regional contínuo. Em vez disso, foram-lhes atribuídas quarenta e oito cidades individuais com suas áreas de pastagem ao redor, distribuídas entre as terras de todas as outras tribos.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A partilha dessas cidades ocorreu em Siló, em Canaã, onde os chefes das famílias levíticas apresentaram seu pedido ao sacerdote Eleazar, a Josué e aos líderes tribais, conforme as ordens dadas anteriormente por meio de Moisés.Fontes: o próprio texto bíblico · Shiloh · Canaan
  • Várias cidades levíticas importantes também serviram como cidades de refúgio para pessoas que buscavam proteção após homicídios involuntários, incluindo Hebrom em Judá, Siquém em Efraim e Golã em Basã.Fontes: o próprio texto bíblico · Hebron · Bashan

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 2
  • Shiloh · Hoje: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · versículo 2
  • Bashan · 32.781, 35.935 · versículos 6, 27
  • Hebron · Hoje: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · versículos 11, 13
  • Jattir · Hoje: Khirbet Attir · 31.352, 35.016 · versículo 14
  • Gibeon · Hoje: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 17
  • Gezer · Hoje: Tel Gezer · 31.859, 34.919 · versículo 21
  • Shechem · Hoje: Tell Balatah · 32.214, 35.282 · versículo 21
  • Beth-horon · Hoje: Beit Ur al Tahta · 31.895, 35.084 · versículo 22
  • Taanach · Hoje: Tell Ta’anakh · 32.522, 35.219 · versículo 25
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 32
  • Jokneam · Hoje: Tel Yokneam · 32.664, 35.108 · versículo 34
  • Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 38
  • Ramoth · Hoje: Tall er Rumeith · 32.500, 36.015 · versículo 38

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.