Josué 18
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Anyigba mamlɛa mama
1Esi Israelviwo xɔ anyigba vɔ megbe la, wo katã wova kpe ta ɖe Silo, eye wotu Yehowa ƒe Agbadɔ ɖe afi ma. 2Womema anyigba na Israel ƒe to adre haɖe o. 3Ale Yosua bia Israelviwo be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie mialala hafi anya ame siwo le anyigba si Yehowa, mia Mawu la na mi la dzi? 4Mitia ame etɔ̃ tso to ɖe sia ɖe me, eye madɔ wo ɖa be woayi aɖatsa ŋku le afi siwo dzi míeɖu haɖe o la dzi, ale be woana manya woƒe lolome kple anyigba la ƒe lolome si to ɖe sia ɖe adi be yeaxɔ, ekema mate ŋu amae na mi. 5Mama anyigba la ɖe akpa adre me: Yuda ƒe viwo anɔ woƒe anyigba dzi le dziehe, eye Yosef ƒe viwo anɔ anyiehe. 6Miŋlɔ nu tso anyigba la ƒe akpa adreawo ŋu tsɔ vɛ nam. Ekema mada akɔ ɖe edzi le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ale be manya ale si mama anyigba lae. 7Ke miɖo ŋku edzi be womama anyigba na Levitɔwo o, elabena Yehowa ƒe nunɔlawo wonye, eye woƒe nunɔladɔe nye woƒe domenyinu wɔnuku la. Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã magaxɔ anyigba aɖeke o, elabena woxɔ anyigba xoxo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ŋugbe Mose do na wo.”
8Ame siwo wotia la dze mɔ be woata anyigba la vɛ na Yosua ekema ate ŋu ama anyigba la na toawo to akɔdada le Yehowa ŋkume me. 9Ame tiatiawo wɔ abe ale si woɖo na wo ene. Woma anyigba la ɖe akpa adre me, woŋlɔ du siwo nɔ mama ɖe sia ɖe me la da ɖi, eye wotrɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Silo.
10Le afi ma, le asaɖa la me le Silo la, Yehowa fia Yosua to akɔdada la me, ale si wòama anyigba lae na to vovovoawo.
Teƒe si wona Benyamin ƒe viwo
11Anyigba si wotsɔ na Benyamin ƒe viwo la nɔ Yuda ƒe viwo kple Yosef ƒe viwo ƒe anyigbawo dome.
12Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyiehe dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la to, yi Yeriko ƒe anyiehe, to tonyigba la kple Bet Aven gbegbe la dzi.
13Liƒo la tso afi ma ɖo ta dziehe yi Luz, afi si wogayɔna be Betel, heyi Atarot Ada, le Bet Horon ƒe tonyigba dzi le dziehe.
14Liƒo la trɔ tso afi ma ɖo ta dziehe, eto to si le Bet Horon kasa le dziehe hewu nu ɖe Kiriat Baal, du si wogayɔna be Kiriat Yearim, si nye Yuda ƒe viwo ƒe duwo dometɔ ɖeka la gbɔ. Esiae nye Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe ɣetoɖoƒeliƒo.
15Anyigba la ƒe anyigbemeliƒo tso Kiriat Yearim du la to, yi Efrɔn to la dzi, yi Naftoa vudo la gbɔ, 16heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel. 17Tso En Rogel la, liƒo la ɖo ta anyiehe kple ɣedzeƒe gome yi En Semes kple Gelilot le Adumim ƒe akpa kemɛ. Etrɔ tso afi ma ɖo ta Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ, 18eye wòzɔ Bet Araba ƒe anyieheliƒo la ŋu heyi Araba. 19Egaɖo ta dziehe, dze le Bet Hogla ŋu, eye wòwu nu ɖe Dzeƒu la to. Teƒe siae nye Yɔdan tɔsisi la ƒe seƒe le dziehe gome.
20Yɔdan tɔsisi lae nye anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo. 21Du blaeve-vɔ-ade siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye:
Yeriko, Bet Hogla, Emek Keziz, 22Bet Araba, Zemaraim, Betel, 23Avim, Para, Ofra, 24Kefar Amoni, Ofni, Geba. Du wuieve kple woƒe kɔƒeduwo.
25Gibeon, Rama, Beerot, 26Mizpeh, Kefira, Moza, 27Rekem, Irpeel, Tarala, 28Zela, Haelef, Yebus (alo Yerusalem), Gibea kple Kiriat Yearim. Wo katã le du wuiene.

Você sabia?
A assembleia em Siló e a herança de Benjamim
- A assembleia de Israel estabeleceu a Tenda do Encontro em Siló, uma cidade em Efraim situada ao norte de Betel. Isso transformou Siló no santuário central e no local para a distribuição das terras restantes entre as tribos.Fontes: o próprio texto bíblico · Shiloh
- Para dividir o território entre as sete tribos restantes, Josué enviou três homens de cada tribo para percorrer a terra e registrar uma descrição detalhada em sete porções. Em seguida, Josué lançou sortes na presença do Senhor em Siló para determinar a porção de cada uma.Fontes: o próprio texto bíblico
- A primeira sorte entre as sete tribos coube a Benjamim, situada entre os territórios de Judá, ao sul, e a casa de José, ao norte. Essa porção abrangia cidades importantes como Jericó, Betel e Jebus (Jerusalém).Fontes: o próprio texto bíblico · Benjamin (patriarch)
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Shiloh · Hoje: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · versículos 1, 8, 9, 10
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 7, 12, 19, 20
- Jericho · Hoje: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículos 12, 21
- Lower Beth-horon · Hoje: Beit Ur al Tahta · 31.895, 35.084 · versículo 13
- Luz · Hoje: Beitin · 31.923, 35.241 · versículo 13
- Beth-horon · Hoje: Beit Ur al Tahta · 31.895, 35.084 · versículo 14
- Kiriath-jearim · Hoje: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · versículos 14, 15, 28
- Valley of Hinnom · Hoje: Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · versículo 16
- Valley of Rephaim · 31.763, 35.219 · versículo 16
- Adummim · 31.817, 35.362 · versículo 17
- Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 18
- Salt Sea · Hoje: Dead Sea · 31.500, 35.500 · versículo 19
- Gibeon · Hoje: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 25
- Mizpeh · Hoje: Tell en Nasbeh · 31.885, 35.216 · versículo 26
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 28
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org