João 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu fia nu Nikodemo
1Azɔ la, ame aɖe si tso Farisitɔwo dome, eye eŋkɔe nye Nikodemo la li. Enye Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔla. 2Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o.
3Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.”
4Nikodemo gblɔ be, “Aleke wɔ ametsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagbugbɔe adzii?”
5Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. 6Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo. 7Le esia ta megawɔ nuku na wò be megblɔ na wò be ele be woagbugbɔ wò adzi o. 8Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃ la; àte ŋu ase eŋkɔ, gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o. Nenema ke wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me la.”
9Nikodemo gabia Yesu be, “Aleke esia ate ŋu ava emee?”
10Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa? 11Le nyateƒe me la, míeƒoa nu tso nu siwo míenya la ŋu, eye míeɖia ɖase tso nu siwo míekpɔ la ŋu, ke miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi o. 12Esi meƒo nu tso anyigbadzinuwo ŋu, eye mèxɔ wo dzi se o ɖe, aleke nàwɔ axɔe se ne meƒo nu tso dziƒonuwo ŋu na wò? 13Elabena Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi, eye wòagatrɔ ayi dziƒo. 14Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzii, 15be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.”
16Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. 17Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi. 18Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o. 19Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be Kekeli tso dziƒo va xexea me, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu Kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. 20Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la, elabena wodi vevie be yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe. 21Gake ame siwo le nyateƒe la dzi wɔm la vaa Kekeli la gbɔ be ame sia ame nakpɔe be yewole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm.
Yesu kple Yohanes Mawutsidetanamela
22Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea nyigba dzi, afi si wonɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hede mawutsi ta na amewo. 23Ke Yohanes hã nɔ mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔ gbɔ ɖe afi ma, eye amewo nɔ vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo. 24(Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me.) 25Nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Yudatɔwo dome tso Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔkɔnu la ŋu. 26Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nèdo goe le Yɔdan tɔsisi la godo, ame si ŋuti nèɖi ɖase le hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖewo le egbɔ yim.”
27Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Nu si Mawu na ame tso dziƒo la ko wòate ŋu axɔ. 28Miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi be, ‘Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ ame dɔdɔ menye le eyama ŋgɔ.’ 29Ŋugbetɔ la nye ŋugbetɔsrɔ̃ la tɔ. Ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃ si subɔa ŋugbetɔsrɔ̃ la nɔa to dzi, eye wòkpɔa dzidzɔ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔkpɔkpɔ yɔ menye ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta. 30Ele be nàzu gã, ke nye la, mayi to.
Ame si ɖi tso dziƒo va
31“Ame sia la, dziƒoe wòtso eye ede ŋgɔ wu amewo katã. Nye la, anyigba dzie metso eye nye nunya kple nugɔmesese mate ŋu akɔ wu anyigbadzitɔwo tɔ o. 32Eɖia ɖase le nu si wokpɔ kple nu si wose la ŋuti, gake ame aɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena o. 33Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ 34Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me. 35Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de asi nɛ. 36Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe anɔ wo dzi.”

Você sabia?
O novo nascimento e o testemunho de João
- Nicodemos, cujo nome significa "o povo é vencedor", era fariseu e membro do Sinédrio. Ele foi a Jesus de noite para conhecer melhor o seu ensino, e o Evangelho o chama de líder dos judeus; Jesus se dirige a ele como mestre de Israel.Fontes: Nicodemus · o próprio texto bíblico
- Depois dessa conversa, Jesus e seus discípulos foram para a região rural da Judeia, que sob os romanos era a mais meridional das três divisões da Palestina. João também batizava em Enom, perto de Salim, porque ali havia água em abundância; Salim, cujo nome significa "pacífico", ficava a oeste do Jordão. Enom significa "fontes", e o Dicionário Bíblico de Easton (1897) situa o lugar provavelmente perto da nascente superior do Wady Far'ah, um vale aberto cheio de fontes que vai do monte Ebal até o Jordão.Fontes: o próprio texto bíblico · Judea · Aenon · Salim
- Neste capítulo, João diz a seus discípulos que não é o Cristo, mas que foi enviado adiante dele, e a narrativa observa que ele ainda não tinha sido preso. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) o descreve como o precursor de Jesus, de descendência sacerdotal, e diz que sua missão foi objeto de profecia.Fontes: o próprio texto bíblico · John the Baptist
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 22
- Judea · Hoje: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 22
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 26
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org