João 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu do gbe ɖa ɖe eɖokui ta
1Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi, do gbe ɖa gblɔ be,
“Fofo, ɣeyiɣi la de azɔ. Ɖe Viwò la ƒe Ŋutikɔkɔefia ne Viwò hã naɖe wò ŋutikɔkɔe afia. 2Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexea me, be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ la. 3Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya wò Mawu vavã ɖeka hɔ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me hã dzi ase. 4Meɖe wò Ŋutikɔkɔe fia le anyigba dzi to dɔ siwo nède asi nam la nuwuwu me. 5Azɔ la, Fofo, ɖe wò ŋutikɔkɔe fiam le wò ŋkume to ŋutikɔkɔe si nènam le gbɔwò hafi xexea me dze egɔme la me.
Yesu do gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta
6“Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe wò nyawo dzi. 7Azɔ wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò, 8elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo, eye woxɔe. Wonyae kɔtɛe be metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa. 9Medo gbe ɖa ɖe wo ta; nyemele gbe dom ɖa ɖe xexea me ta o. Ame siwo nètsɔ nam la tae medo gbe ɖa ɖo, elabena tɔwòwoe wonye. 10Nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye woawo mee woɖe nye Ŋutikɔkɔe fia le. 11Azɔ mele dzodzo ge le xexea me ava gbɔwò, gake wogale xexea me. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta to wò ŋusẽ kple ŋkɔ me, ŋkɔ si nènam be woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miewɔ ɖekae ene. 12Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme.
13“Ke azɔ la, megbɔna gbɔwò, gake mele nya siawo gblɔm esi megale xexea me, be nye dzidzɔ blibo la katã nanɔ wo me. 14Megblɔ wò nyawo na wo, eye xexea me lé fu wo, elabena womeganye xexea me tɔwo o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexea me tɔwo ƒe agbenɔnɔ o. 15Fofo, nyemele biabiam be nàɖe wo le xexea me o, ke boŋ nàkpɔ wo ta tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me. 16Wometso xexea me o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. 17Kɔ wo ŋu kple nyateƒe la, elabena wò nya la nye nyateƒe. 18Abe ale si nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexea me. 19Mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ta, bena woakɔ woawo hã ŋu le nyateƒe la me.”
Yesu do gbe ɖa ɖe xɔsetɔwo katã ta
20“Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o, ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe mawunyagbɔgblɔ me la ta, 21be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm. 22Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me, be xexea me nanyae be wòe dɔm, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. 23Ne mele wo me, eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexea me nanya be wòe dɔm eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene.
24“Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.
25“Fofo dzɔdzɔetɔ, togbɔ be xexea me menya wò o hã la, menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be, wòe dɔm. 26Meɖe ame si nènye la fia wo, eye mayi edzi ana woanya wò, bena lɔlɔ̃ si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã manɔ wo me.”

Você sabia?
João 17: a hora chegou
- A oração começa quando Jesus, depois de ter dito essas coisas, ergue os olhos ao céu e diz que a hora chegou. Ela está associada ao Discurso do Cenáculo, indicado como um dia, e à Semana Santa, indicada como oito dias.Fontes: o próprio texto bíblico · Upper Room Discourse · Holy Week
- Aqui a vida eterna é conhecer o único Deus verdadeiro e Jesus Cristo, a quem o Pai enviou. Jesus também fala da glória que tinha com o Pai antes de o mundo existir e do amor do Pai por ele antes da fundação do mundo.Fontes: o próprio texto bíblico
- Ele ora por aqueles que o Pai lhe deu do mundo, os que guardaram a palavra, e também por quem crerá por meio da mensagem deles, pedindo que sejam um. Não pede que sejam tirados do mundo, mas que sejam guardados do maligno e santificados pela verdade, que ele identifica como a palavra do Pai.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org