Nations Bible

Jeremias 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Woɖe to ɖe Yerusalem

1“Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo!

Misi tso Yerusalem!

Miku kpẽ le Tekoa!

Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem!

Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ

aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna.

2Magblẽ Zion vinyɔnu si dze tugbe nyuie

hele wusewuse la dome.

3Alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo atso ɖe eŋuti,

woava tu woƒe agbadɔwo aƒo xlãe,

ɖe sia ɖe axɔ teƒe si wòanyi eƒe lãhawo le.”

4“Midzra ɖo, miawɔ aʋa kplii!

Mitso, mina míadze aʋa le ŋdɔ me, gake ao,

ŋkeke le bubum eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le ɖiɖim ɖe edzi.

5Eya ta mitso ne míadze aʋa le zã me

ne miagbã eƒe mɔ sesẽwo!”

6Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:

“Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu.

Ele be woahe to na du sia

elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ.

7Abe ale si vudo dzia tsii ene la,

nenema eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le dzidzimii.

Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe eme.

Eƒe dɔléle kple abiwo le nye ŋkume ɖaa.

8Oo, Yerusalem,

se nyagbename, ne menye nenema o la,

matrɔ adzo le gbɔwò, eye mawɔ wò anyigba

wòazu gbegbe, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ edzi o.”

9Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,

gblɔe nye si,

“Mina ne woaxa Israel ƒe ame susɔeawo

abe ale si woxaa waintsetse

le kawo ŋu ƒiaƒiaƒiae ene.

Gatsɔ wò asiwo lili kawo ŋu

abe ame si le wain gbem la ene.”

10Ame ka maƒo nu na, eye mana nuxɔxlɔ̃e?

Ame ka aɖo tom?

Woƒe towo xe, eya ta womate ŋu ase nu o.

Yehowa ƒe nya vea dɔ me na wo

eye womedinɛ be yewoase o.

11Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la yɔm fũu

eye nyemate ŋu atu nu ɖe enu o.

“Trɔe kɔ ɖe ɖevi siwo le mɔtata dzi

kple ɖekakpui siwo ƒo ta kpli la dzi,

akɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa dzi.

Nenema kee wòanɔ na ametsitsi

siwo do dɔgɔ̃e le ƒe geɖe xɔxɔ ta.

12Woatsɔ woƒe aƒewo ana ame bubuwo hekpe ɖe woƒe agblewo

kple wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu,

ne medo nye asi ɖa ɖe ame siwo

le anyigba dzi la ŋuti.”

Yehowae gblɔe.

13“Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti,

tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,

nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo.

14Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye

abi gã aɖeke wònye o ene.

Wole gbɔgblɔm be,

‘Ŋutifafa, ŋutifafa.’

Evɔ la, ŋutifafa aɖeke meli hafi o.

15Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la,

le ŋu kpem na woa?

Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o,

eye womenya ale si woƒe

mo natsi dãae gɔ̃ hã o.

Eya ta woatsi aʋatsilawo dome.

Ne mele to hem na wo la,

woaƒo wo aƒu anyi.”

Yehowae gblɔe.

16Ale Yehowa gblɔe nye esi:

“Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo

ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu.

Mibia blemamɔwo ta se,

mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi,

eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme.

Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’

17Meɖo gbetakpɔlawo na mi hegblɔ na mi be,

‘Miɖo to kpẽ la ƒe ɖiɖi!’

Gake miegblɔ be,

‘Míaɖo to o.’

18Eya ta miesee o. Oo, mi dukɔwo, Oo ɖasefowo,

milé ŋku ɖe nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu.

19Oo, anyigba, see.

Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi,

esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu,

elabena womeɖo to nye nyawo o,

eye wogbe nye se dzi wɔwɔ.

20Nu ka dzudzɔʋeʋĩdonu si tso Seba nye nam

alo gbeʋeʋĩ si tso didiƒenyigba dzi la awɔ nam?

Miaƒe numevɔsawo medze ŋunye o

eye miaƒe akpedavɔsawo medo dzidzɔ nam o.”

21Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:

“Kpɔ ɖa, matsɔ nukikliwo ada ɖe dukɔ sia ŋgɔ.

Fofowo kple viŋutsuwo siaa akli wo adze anyi

eye aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo hã atsrɔ̃.”

22Ale Yehowa gblɔe nye si,

“Kpɔ ɖa asrafoha gã aɖe

tso anyiehenyigba dzi gbɔna.

Wonye dukɔ xɔŋkɔ aɖe tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.

23Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ.

Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o.

Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la,

woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene.

Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be

woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Zion vinyɔnu.

24“Míese nutsotso geɖe tso wo ŋu

eya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu.

Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.

25Migado yi ɖe agble alo azɔ le mɔtatawo dzi o,

elabena yi le futɔ la si eye ŋɔdzi ƒo xlã mi kpe ɖo.

26Oo, nye dukɔ, mita akpanya,

miamli le dzofi me.

Fa konyi vevie kple ɣli abe

ame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ ku na la ene,

elabena nugblẽla la ava ƒo ɖe

mía dzi zi ɖeka kpoyi!

27“Metsɔ wò ɖo galolõlae eye nye dukɔe

nye ga si lolõ ge woala,

be nànya, eye nàdo woƒe mɔwo kpɔ.

28Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo.

Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu.

Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene.

Ame dovowoe wo katã wonye.

29Wole ʋu yɔm kple ŋusẽ be

woafia nu manyomanyo la le gadzẽ la me,

gake wowɔe ʋuu do kpoe.

Elabena womayɔ ʋu ɖe ame vɔ̃ɖi te wòatrɔ o.

30Woyɔa wo be klosalo si wogbe,

elabena Yehowa gbe nu le wo gbɔ.”

Você sabia?

O Cerco Iminente e as Ofertas Rejeitadas

  • Ao alertar o povo sobre a destruição vinda do norte, Jeremias ordenou o toque do shofar em Tecoa e o envio de sinais de fumaça em Bete-Haquerém. Tecoa ficava a cerca de dezenove quilômetros ao sul de Jerusalém e podia ser vista da cidade, enquanto Bete-Haquerém contava com elevações ideais para emitir sinais de alerta.Fontes: o próprio texto bíblico · Tekoa · Beth-haccherem
  • O profeta rejeitou rituais religiosos externos desprovidos de obediência, mencionando expressamente o incenso importado de Sabá. Sabá era um reino no sul da Arábia amplamente conhecido na Antiguidade por seu comércio de especiarias e perfumes valiosos.Fontes: o próprio texto bíblico · Sheba
  • O capítulo conclui com uma metáfora metalúrgica, retratando Jeremias como um avaliador encarregado de testar o povo como minério. Apesar do sopro intenso dos foles e do fogo purificador, o refino fracassa porque a maldade persiste, resultando na classificação do povo como prata rejeitada.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 6, 8
  • Tekoa · Hoje: Khirbet Teku’a · 31.632, 35.210 · versículo 1
  • Zion · Hoje: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 23
  • Sheba · 15.348, 44.206 · versículo 20

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.