Nations Bible

Jeremias 52

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yerusalem ƒe gbegblẽ

1Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. 2Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔe ene. 3Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta.

Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.

4Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. 5Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.

6Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. 7Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe 8gake Babilonia ƒe aʋakɔ la ti Fia Zedekia yome eye wòva tui le Yeriko tagba. Woma eya kple eƒe asrafowo dome eye asrafoawo kaka gbẽe. 9Ke wolé eya ŋutɔ. Wokplɔe yi na Babilonia fia le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wòbu fɔe le.

10Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viwo katã le eŋkume, hekpe ɖe Yuda ƒe dumegãwo ŋu. 11Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe.

12Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si wɔ dɔ le Babilonia fia te la va Yerusalem. 13Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. 14Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. 15Aʋafia, Nebuzaradan kplɔ ame dahewo, ame siwo susɔ ɖe dua me kple aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si Babilonia fia tso la yi aboyo mee. 16Gake Nebuzaradan gblẽ anyigba la ƒe ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi.

17Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia. 18Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ me la hã dzoe. 19Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo.

20Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo, gazɔwo kple akɔblinyitsu wuieve siwo le wo te kple eƒe afɔtiwo ŋuti, siwo fia Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ, nu siawo katã ƒe akɔbli mele dada me o. 21Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ, eye wòkeke “mita” ade, ɖe sia ɖe ƒe titrime anye asibidɛ ene eye do le wo me. 22Wotsɔ akɔbli wɔ kukuvi ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame, kukuvi ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme nye “mita” eve kple afã. Wolɔ̃ ɖɔ tɔxɛ aɖe tsɔ do atsiã na kukuviawo godoo va kpe eye nenema ke wotsɔ akɔbli wɔ nu si woyɔna be yevuboɖa la ɖe kukuviawo ŋuti godoo va kpe ɖe atsiã tɔxɛ me. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo. 23Yevuboɖa blaasiekɛ-vɔ-ade le axawo dzi, eye esiwo katã wolɔ̃ ƒo xlã sɔtiawo la le alafa ɖeka.

24Aʋafia la ɖe aboyo nunɔlagã Seraya, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. 25Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe. 26Aʋafia Nebuzaradan kplɔ wo yi na Babilonia fia le Ribla. 27Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo.

Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi.

28Esia nye ame siwo Nebukadnezar kplɔ yi aboyo mee la ƒe xexlẽme:

Le eƒe ƒe adrelia me,

Yudatɔwo, ame akpe etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (3,023);

29Le Nebukadnezar ƒe ƒe wuienyilia me,

Yerusalemtɔ alafa enyi kple blaetɔ̃-vɔ-eve (832);

30Le eƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me,

Yudatɔ alafa adre blaene-vɔ-atɔ̃ (745), ame siwo aʋafia Nebuzaradan kplɔ dzoe.

Woɖe asi le Yehoyatsin ŋu

31Le Yuda fia, Yehoyatsin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, le ƒe si me Evil Merodak zu fia le Babilonia la, eɖe Yuda fia Yehoyatsin tso gaxɔ me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia dzi. 32Eƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe eye wòna bubuteƒe si kɔ wu fia siwo katã li kpli le Babilonia la tɔ. 33Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 34Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A queda de Jerusalém e o destino dos reis

  • Ribla, na terra de Hamate, serviu como quartel-general militar do rei Nabucodonosor durante sua campanha contra Judá. Ali, o rei Zedequias foi julgado e cegado após presenciar a morte de seus filhos, e líderes judeus, incluindo os sacerdotes Seraías e Sofonias, foram executados.Fontes: o próprio texto bíblico · Riblah · Zedekiah · Zephaniah
  • O capítulo detalha o desmantelamento dos utensílios sagrados de bronze do templo, incluindo as duas colunas maciças e o Mar de bronze feitos na época do rei Salomão. Nebuzaradã, capitão da guarda, levou esse bronze junto com vasos de ouro e prata para a Babilônia.Fontes: o próprio texto bíblico · Solomon · Nebuzar-adan
  • O livro se encerra com o relato da libertação do rei Joaquim após trinta e sete anos de prisão na Babilônia. O rei Evil-Merodaque tratou-o com bondade, vestiu-o com roupas reais e concedeu-lhe um lugar à mesa real pelo restante de sua vida.Fontes: o próprio texto bíblico · Jehoiachin

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 3, 4, 5, 12, 13, 14, 29
  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 3, 4, 9, 10, 11, 12, 15, 17, 26, 27, 28, 31, 32, 33, 34
  • Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 7
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · versículos 7, 8, 14, 17
  • Jericho · Hoje: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 8
  • Hamath · Hoje: Hama · 35.136, 36.750 · versículos 9, 27
  • Riblah · Hoje: Rableh · 34.460, 36.573 · versículos 9, 10, 26, 27

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.