Jeremias 38
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Wolé Yeremia de vudo me
1Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be, 2“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu nɛ, ale wòanɔ agbe.’ 3Ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’ ”
4Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, “Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ.”
5Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, “Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me.”
6Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me.
7Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la, 8Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, 9“Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si dɔ awui le wòaku nenye be abolo vɔ le dua me.”
10Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.”
11Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me. 12Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de wò axatome be kawo magabebe wò o.” Yeremia wɔe nenema. 13Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
Zedekia gabia gbe Yeremia
14Tete Fia Zedekia dɔ amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia vɛ eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ nɛ be, “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla naneke ɖem o.”
15Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ne mena ŋuɖoɖo wò la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na wò gɔ̃ hã la, màɖo tom o.”
16Ke Fia Zedekia ka atam sia na Yeremia le bebeme be, “Meta Yehowa, ame si na agbegbɔgbɔ mí la ƒe agbe be, nyemawu wò loo, alo atsɔ wò ade asi na ame siwo le wò ku dim la o.”
17Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe wò agbe eye womatɔ dzo du sia hã o, ale wò ŋutɔ kple wò ƒometɔwo siaa miatsi agbe. 18Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye wò ŋutɔ hã màdo le woƒe asi me o.’ ”
19Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum.”
20Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe. 21Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi: 22‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be:
“ ‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò.
Wò afɔ ɖo ba,
eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’
23“Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, wò ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé wò eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ.”
24Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku. 25Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò agblɔ be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na wò la na mí, mègaɣla ɖeke ɖe mí o, ne menye nenema o la, àku’ la, 26ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’ ”
27Kasia, dumegãwo katã va ƒo kɔ ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se nɛ be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o.
28Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu va se ɖe esime woxɔ Yerusalem du la.
Woxɔ Yerusalem dua
Yerusalem du la xɔxɔ yi ale:

Você sabia?
A Cisterna e o Conselho Secreto de Zedequias
- Quando Jeremias exortou os defensores de Jerusalém a se renderem aos babilônios em vez de perecerem pela espada, pela fome e pela peste, os oficiais de Judá o acusaram de traição e o lançaram em uma cisterna lamacenta no pátio da guarda. Um oficial do palácio chamado Ebede-Meleque interveio junto ao rei Zedequias, obtendo autorização e homens para retirar o profeta usando cordas acolchoadas com panos velhos.Fontes: o próprio texto bíblico · Ebed-melech · Shephatiah
- O rei Zedequias reuniu-se secretamente com Jeremias na entrada do templo, confessando seu temor tanto de seus próprios nobres quanto dos judeus que já haviam desertado para os babilônios. Jeremias reiterou que render-se aos comandantes da Babilônia preservaria a vida do rei, protegeria sua família e impediria que Jerusalém fosse queimada.Fontes: o próprio texto bíblico · Zedekiah · Jeremiah
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Chaldea · 30.962, 46.104 · versículos 2, 18, 19, 23
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 3, 28
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 3, 17, 18, 22, 23
- Benjamin Gate · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 7
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org