Jeremias 30
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Woagaɖo Israel te
1Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ. 2“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò la ɖe agbalẽ me’ 3Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’ ” Yehowa gblɔe.
4Nya siawoe Yehowa gblɔ tso Israel kple Yuda ŋuti. 5“Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Wose vɔvɔ̃ ƒe avifafa, ŋɔdzi koe li, menye ŋutifafa o.
6Bia eye nàkpɔe ɖa be,
Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via?
Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe
sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe
nyɔnu si le ku lém ene,
eye woƒe mowo fu tititi ale?
7Alele, anye ŋkeke dziŋɔ
eye ɖeke magasɔ kplii o!
Anye xaxaɣi na Yakob,
ke woaɖee le eme.”
8Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be,
“Le ŋkeke ma dzi la,
maŋe kɔkuti la le woƒe kɔwo eye maɖe ga wo,
amedzrowo magado kluvi wo azɔ o.
9Ke boŋ woasubɔ Yehowa,
woƒe Mawu la kple woƒe fia David,
si maɖo na wo.
10“Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob.
O Israel, wò mo megatsi dãa o.”
Yehowae gblɔe.
“Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi,
eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me.
Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me
eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o.
11Meli kpli wò be maɖe wò.”
Yehowae gblɔe.
“Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me
mekaka mi ɖo hã la,
nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o.
Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o,
mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.
12“Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Wò abi la nye abi makumaku, eye nuvevi si wɔ wò la,
womate ŋu adae o.
13Ame aɖeke meli aʋli tawò o,
atike aɖeke meli na wò abi la o,
eya ta dɔyɔyɔ hã meli na wò o.
14Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be,
wometsɔ ɖeke le eme na wò o.
Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene,
eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene,
elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ,
eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ.
15Nu ka ŋutie nèle avi fam tso wò abi
kple vevesese si dɔyɔyɔ meli na o la ŋuti?
Le wò agɔdzedze gbogboawo
kple wò nu vɔ̃ gbogboawo tae mewɔ nu
siawo katã ɖe ŋutiwò ɖo.
16“ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo,
eye wò futɔwo katã ayi aboyo me.
Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã.
Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo
ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene.
17Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku,
elabena woyɔ wò be saɖagatɔ,
Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’ ”
Yehowae gblɔe.
18“Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te
eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo;
woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe
eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa.
19Kafukafuha kple aseyetsogbe aɖi tso wo dome.
Mana woadzi ɖe edzi eye wo dzi maɖe akpɔtɔ o.
Made bubu wo ŋu eye womaɖi gbɔ̃ o.
20Wo viwo anɔ abe le blema ƒe ɣeyiɣiwo me ene
eye woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me.
Mahe to na ame siwo katã te wo ɖe to.
21Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka
eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome.
Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie.
Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be
wòate ɖe ŋutinye kpokploe?
22Ale be mianye nye dukɔ
eye nye hã manye miaƒe Mawu.’ ”
Yehowae gblɔe.
23Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe
le dziku helĩhelĩ me,
eye yali abla ɖe ta ŋu na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.
24Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la matrɔ adzo o,
va se ɖe esime wòwɔ nu siwo katã le
eƒe dzi dzi la de goe hafi.
Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu sia gɔme.
Você sabia?
A promessa de restauração e cura
- Deus instrui expressamente Jeremias a registrar essas mensagens em um livro, anunciando formalmente que tanto Israel quanto Judá retornarão do cativeiro para habitar a terra dada aos seus antepassados.Fontes: o próprio texto bíblico · Jeremiah
- O capítulo retrata homens com as mãos na barriga como mulheres em trabalho de parto para expressar profunda angústia, mas promete que Deus quebrará o jugo opressor e suscitará Davi, seu rei, para governá-los.Fontes: o próprio texto bíblico · David
- Embora Sião fosse desprezada como uma rejeitada com feridas incuráveis, a profecia assegura que a cidade será reconstruída sobre suas ruínas e liderada por um governante do próprio povo que se aproximará de Deus.Fontes: o próprio texto bíblico · Zion
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Zion · Hoje: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 12, 17
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 18
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org