Jeremias 22
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ fia vɔ̃ɖiwo
1Ale Yehowa gblɔe nye si, “Yi ɖe Yuda fia ƒe sãme eye nàgblɔ gbedeasi sia nɛ, 2‘O Yuda fia, wò ame si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, wò dumegãwo kple wò ame siwo toa agbo siawo me yina, mise Yehowa ƒe nya. 3Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o; 4elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo. 5Ke ne mieɖo to sedede siawo o la, meta ɖokuinye be fiasã sia agbã, azu aƒedo.’ ” Yehowae gblɔe.
6Elabena ale Yehowa gblɔ le Yuda fia ƒe fiasã la ŋue nye esi: “Togbɔ be èle nam abe Gilead kple Lebanon towo ƒe tame ene hã la, mawɔ wò le nyateƒe me nàzu abe gbegbe kple du siwo zu aƒedo ene. 7Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, ɖe sia ɖe alé lãnu ɖe asi eye woalã wò sedati vavãwo atsɔ aƒu gbe ɖe dzo me.
8“Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?’ 9Ŋuɖoɖoa anye be, ‘Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’ ”
10Mègafa avi na fia si ku la alo nàfa eƒe ku o,
ke boŋ fa avi vevie na ame si woɖe aboyoe
elabena magatrɔ agbɔ
alo akpɔ eƒe denyigba akpɔ o.
11Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: “Magatrɔ agbɔ gbeɖe o. 12Aku ɖe afi si woɖe aboyoe ɖo eye magakpɔ anyigba sia akpɔ o.”
13“Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi
eye eƒe sã to amebaba me,
ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be
woawɔ dɔ nɛ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo.
14Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye
eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’
Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti
eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me,
hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ.
15“Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia?
Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa?
Fofowò wɔ nu si dze eye wòle eteƒe
eya ta nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.
16Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta
eya ta nu sia nu dze edzi nɛ ɖo.
Ɖe menye esiae nye sidzedzem oa?”
Yehowae gblɔe.
17“Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi,
ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.”
18Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi:
“Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o.
Eye womafa nɛ be,
‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o.
19Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene
elabena woahee lelele le anyigba,
atsɔ aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe agbowo godo.”
20“Yi ɖe Lebanon, nàfa avi sesĩe
ne woase wò gbe le Basan ke,
nɔ Abarim nàfa avi kple ɣli
elabena wotsrɔ̃ wò lɔlɔ̃tɔwo katã.
21Megblɔe na wò kɔtɛe esi nèsusu be
yele dedinɔnɔ me, gake ègblɔ be,
‘Nyemaɖo to wò o!’
Aleae nye wò nɔnɔme tso wò ɖekakpuime ke;
ègbe, mèɖo tom kpɔ o.
22Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe,
eye woaɖe aboyo wò lɔlɔ̃tɔwo katã.
Ekema ŋu akpe wò eye woado vlo wò
le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gbogboawo ta.
23Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon,
heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me,
aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi!
Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!”
24Yehowa be, “Meta nye agbe be, nenye wò, Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam gɔ̃ hã la, maɖe wò aƒu gbe godoo. 25Makplɔ wò ade asi na ame siwo le wò agbe yome tim, Nebukadnezar, Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo nèle vɔvɔ̃m na. 26Matsɔ wò kple dawò si dzi wò la aƒu gbe ɖe dukɔ bubu me, afi si womedzi mia dometɔ aɖeke ɖo o; afi ma mi ame evea miaku ɖo. 27Miagatrɔ agbɔ ava anyigba si miedi vevie la dzi kpɔ o.”
28Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃
si dim ame aɖeke mele oa?
Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba
si womenya o la dzi?
29O anyigba, anyigba, anyigba,
se Yehowa ƒe nya!
30Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe
ame si si vi mele o la ene,
ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o;
elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o,
eye wo dometɔ aɖeke hã manɔ anyi ɖe
David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o.”

Você sabia?
Julgamentos sobre os reis de Judá
- Salum, também chamado de Jeoacaz, foi escolhido pelo povo para suceder seu pai Josias, mas acabou deposto e levado cativo para o Egito pelo faraó Neco após reinar poucos meses, tornando-se o primeiro rei de Judá a morrer no exílio.Fontes: o próprio texto bíblico · Jehoahaz · Jehoiakim
- O profeta contrasta fortemente o rei Josias com seu filho Jeoaquim. Enquanto Josias defendeu a justiça e a causa dos pobres, Jeoaquim explorou o trabalho forçado sem remuneração para construir um palácio suntuoso revestido de cedro e pintado de vermelhão.Fontes: o próprio texto bíblico · Josiah · Jehoiakim
- Conias, outro nome do rei Joaquim ou Jeconias, foi levado cativo para a Babilônia pelo rei Nabucodonosor, cumprindo o anúncio de Jeremias de que morreria em terra estrangeira e que nenhum dos seus descendentes reinaria no trono de Davi em Judá.Fontes: o próprio texto bíblico · Jehoiachin · Nebuchadnezzar
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 4, 19, 20
- Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 6
- Lebanon · 33.540, 35.584 · versículos 6, 20, 23
- Abarim · 31.754, 35.715 · versículo 20
- Bashan · 32.781, 35.935 · versículo 20
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 25
- Chaldea · 30.962, 46.104 · versículo 25
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org