Jeremias 20
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yeremia kple Pasur
1Esi nunɔla Pasur, Imer ƒe vi, Yehowa ƒe gbedoxɔ me ƒe dɔnunɔlagã la se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm ɖi la, 2ena woƒo Nyagblɔɖila Yeremia eye wodee kunyowu me, tsi ɖe Benyamingbo dzigbetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ nu la ŋu. 3Esi ŋu ke eye Parsur ɖee le game la, Yeremia gblɔ nɛ be, “Yehowa ƒe ŋkɔ si wòtsɔ na wòe nye, ame si ŋɔdzi ƒo xlãe, ke menye Pasur o; 4elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi. 5Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo, adzɔnuwo, nu xɔasiwo kple Yuda fia ƒe kesinɔnuwo adzoe. Woatsɔ wo adzoe abe nuhaha ene ayi Babilonia kee. 6Ke wò Pasur kple ame siwo katã le wò aƒe me la, woakplɔ mi ayi aboyo me le Babilonia. Afi ma miaku ɖo eye afi ma woaɖi mi ɖo, wò kple xɔ̃wo siwo nègblɔ aʋatsonyagblɔɖiwo na.’ ”
Yeremia fa konyi
7O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se;
èƒo nya ɖe nunye eye nèɖu dzinye.
Ɣe sia ɣi wole alɔme ɖem le ŋunye
eye ame sia ame le koyem.
8Ɣe sia ɣi ne mebe maƒo nu la,
medoa ɣli heɖea gbeƒã ʋunyaʋunya kple tsɔtsrɔ̃,
ale Yehowa ƒe nya hea dzu
kple vlododo vɛ nam ɣe sia ɣi.
9Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ
alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la,
eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me,
eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo
le nye ƒu tome ene.
Etsɔtsɔ ti kɔ nam.
Vavã nyemagate ŋui o.
10Mese ame geɖewo le dalĩ dom be,
“Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!”
Xɔ̃nyewo katã le klalo na
nye anyidzedze le gbɔgblɔm be,
“Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”
11Ke Yehowa li kplim abe aʋawɔla kalẽtɔ ene,
eya ta yonyemetilawo akli nu eye womaɖu dzi o.
Woƒe ɖoɖowo me agblẽ
eye woaɖu ŋukpe vevie,
bubu si woɖe le wo ŋu la,
womaŋlɔe be akpɔ o.
12O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
wò ame si doa ame dzɔdzɔewo kpɔ,
eye nèdzroa woƒe dzi kple tamesusuwo me,
na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe
elabena wòe metsɔ nye nya de asi na.
13Midzi ha na Yehowa!
Mitsɔ kafukafu na Yehowa!
Eɖe hiãtɔwo ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
14Aɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpekpekpe.
Yayra meganɔ gbe si gbe danye dzim la dzi o!
15Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya
sia yi na fofonye be,
“Wodzi viŋutsu na wò” la dzi!
16Nenɔ na ŋutsu ma abe du siwo Yehowa gbã
nublanuimakpɔmakpɔtɔe la ene.
Nese aviɣli le ŋdi me kple aʋaɣli le ŋdɔ me,
17elabena mewum ɖe vidzidɔ me be
danye nanye yɔdo nam,
eye eƒe vidzidɔ nalolo tegbee o.
18Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be
makpɔ fukpekpe kple nuxaxa
eye nye ŋkekewo nawu nu le ŋukpe me?

Você sabia?
A Perseguição e a Angústia Interior de Jeremias
- Pasur, o sacerdote que mandou espancar Jeremias, era filho de Imer — chefe da décima sexta ordem sacerdotal — e exercia o cargo de oficial principal na casa do SENHOR. Sua posição administrativa lhe dava autoridade para punir Jeremias e prendê-lo no tronco junto à Porta Superior de Benjamim, no templo.Fontes: Immer · Gate of Benjamin · o próprio texto bíblico
- Ao ser libertado, Jeremias declarou que Deus deu a Pasur o nome simbólico de 'Magor-Missabibe' ('terror por todos os lados'). Jeremias profetizou que Pasur, sua casa e seus amigos seriam levados cativos para a Babilônia para ali morrerem, juntamente com o saque dos tesouros de Judá.Fontes: Babylon · o próprio texto bíblico
- O capítulo revela a intensa luta emocional de Jeremias diante da zombaria pública e da vocação profética. Embora fosse ridicularizado e traído por amigos próximos, ele confessou que tentar calar a mensagem de Deus parecia um fogo ardente em seu coração, encerrado em seus ossos.Fontes: Jeremiah · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Benjamin Gate · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 2
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 4, 5, 6
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 5
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org