Nations Bible

Jeremias 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yeremia ƒe nyahehe

1Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la,

wò nya dzɔna ɣe sia ɣi.

Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.

Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo?

Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?

2Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku.

Wò ŋkɔ le nu na wo

gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.

3Oo, Yehowa, ke wò la ènyam,

èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò.

Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee!

Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!

4Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi

eye gbewo naƒu ase ɖo?

Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la,

xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃.

Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be,

“Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”

Mawu ƒe nyaŋuɖoɖo

5“Ne èke duɖime kple amegbetɔwo

kple afɔ eye nu te ŋuwò la,

aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo?

Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la,

aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?

6Nɔviwò kple wò ŋutɔ

wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi

eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò.

Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la,

mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.

7“Magbe nu le nye aƒe gbɔ

eye magble nye domenyinu ɖi.

Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo.

8Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene.

Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo.

9Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe

si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa?

Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ

ne woava vuvu nu.

10Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingble

eye woanye avuzi le nye agble dzi.

Wole nye agble veviwo wɔ ge

woazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.

11Wole ewɔ ge wòazu gbegbe

kple kuɖiɖinyigba si manyo na

naneke le ŋkunye me o.

Anyigba la katã azu aƒedo

elabena ame aɖeke manɔ anyi

si atsɔ ɖe le eme o.

12Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi

elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba

ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi

eye ame aɖeke mato le eme o.

13Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu,

woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o.

Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi

le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”

14Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome. 15Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. 16Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome. 17Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii.” Yehowae gblɔe.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A Queixa de Jeremias e as Nações

  • Jeremias lida com a difícil questão de por que os ímpios prosperam e vivem tranquilos, tendo a Deus nos lábios, mas longe do coração. A angústia do profeta era profundamente pessoal, pois até os membros da casa de seu próprio pai o haviam traído e se levantado contra ele.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Deus responde à queixa de Jeremias perguntando como ele competirá com cavalos se a corrida com homens a pé já o cansa, e como se sairá na mata densa do Jordão se tropeça em terra de paz. O rio Jordão corta vales baixos e terrenos densos e difíceis ao longo de suas margens.Fontes: o próprio texto bíblico · Jordan
  • O capítulo estende esperança até mesmo às nações vizinhas hostis que antes haviam ensinado Judá a jurar por Baal, o principal deus masculino dos fenícios. Se essas nações se converterem e aprenderem a jurar pelo nome do Senhor, Deus promete que serão estabelecidas no meio de seu povo.Fontes: o próprio texto bíblico · Baal

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 5

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.