Nations Bible

Juízes 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Gideon ɖu Midiantɔwo dzi

1Gideon, ame si wogayɔna be Yerubaal kple eƒe aʋakɔ fɔ ŋdi kanya heyi keke Harɔd vudo la gbɔ. Midiantɔwo ƒe aʋakɔ ƒo ƒu ɖe Gideon ƒe aʋakɔ ƒe anyiehe lɔƒo le balime si le More to la gbɔ xa.

2Yehowa gblɔ na Gideon be, “Wò aʋakɔ la sɔ gbɔ akpa! Nyemaɖe mɔ mi katã miawɔ aʋa kple Midiantɔwo o, elabena Israelviwo ava ƒo adegbe nam be, ‘Míawoe ɖe mía ɖokuiwo to míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me’ 3Ɖo wò ame siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo dzidzi ƒo la ɖe aƒe.” Ale ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) trɔ dzo eye ame akpe ewo (10,000) siwo nɔ klalo na aʋawɔwɔ koe susɔ.

4Yehowa gagblɔ na Gideon be, “Ameawo sɔ gbɔ akpa. Kplɔ wo yi tɔ la to, ekema mafia ame siwo ayi kpli wò kple esiwo mayi o la wò. Ne megblɔ be, ‘Ame sia nayi kpli wò la’ ekema ayi, ke ne megblɔ be, ‘Ame sia mayi kpli wò o la’ ekema mayi o.”

5Gideon kplɔ wo yi tɔ la gbɔ eye Yehowa gblɔ na Gideon be, “Ame siwo akpe nu ɖe tsi me eye woano tsi abe avu ene la, nanɔ hatsotso ɖeka me eye ame siwo adze klo eye woaku tsia kple asi ano la hã nanɔ hatsotso bubu me.” 6Ewɔ nenema eye ame siwo ku tsia kple asi heno la nɔ ame alafa etɔ̃ (300), ame bubuawo katã nye ame siwo dze klo heno tsia abe avu ene.

7Yehowa gblɔ na Gideon be, “Maɖu Midiantɔwo dzi kple ame alafa etɔ̃ (300) siawo! Na ame mamlɛawo natrɔ ayi aƒe!” 8Gideon xɔ anyikpluawo kple kpẽawo le Israelviwo si, ɖo wo ɖe aƒe eye ame alafa etɔ̃awo (300) koe tsi anyi.

Midiantɔwo ƒo ƒu ɖe balime si le Gideon te. 9Aƒetɔ la gblɔ na Gideon le zã me be, “Fɔ kaba! Kplɔ wò aʋawɔlawo, eye miadze Midiantɔwo dzi elabena mana miaɖu wo dzi! 10Ke ne èle vɔvɔ̃m la, ekema wò ɖeka yi futɔwo ƒe asaɖa la me, kplɔ wò subɔla Pura ɖe asi, 11eye nàɖo to nya siwo gblɔm futɔwo le, ekema dzi aɖo ƒowò, eye nàtso enumake ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu!” Ale Gideon kplɔ Pura ɖe asi eye wowɔ ɖɔɖɔɖɔ yi futɔwo ƒe nɔƒe. 12Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kple dukɔ bubuwo tso ɣedzeƒe ƒo ƒu ɖe balime la abe ʋetsuviwo alo ƒutake ene eye woƒe kposɔwo sɔ gbɔ wu xexlẽ.

13Gideon te ɖe agbadɔ aɖe ŋu esime futɔwo dometɔ ɖeka ku drɔ̃e, ɖi vo, nyɔ tso alɔ̃ me teti henɔ drɔ̃e la lĩm na nɔvia. Egblɔ be, “Meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe, abolo gã aɖe mli ge ɖe míaƒe asaɖa la me eye wòlɔ míaƒe agbadɔ la ƒu anyi gbloo!”

14Ame evelia gblɔ be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le wò drɔ̃e la si. Gideon, Yoas ƒe vi, Israel ŋutsu la ava tsrɔ̃ Midiantɔwo kple dukɔ bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la ƒe aʋakɔwo katã.”

15Gideon se drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe. Nu si ko wòte ŋu wɔ lae nye etsi tsitre ɖe afi ma eye wòkafu Mawu! Azɔ etrɔ enumake yi Israelviwo ƒe asaɖa me eye wòdo ɣli be, “Mifɔ kaba elabena Yehowa ana míaɖu Midiantɔwo ƒe aʋakɔ gã siawo dzi!” 16Gideon ma ame alafa etɔ̃ la ɖe akpa etɔ̃ me, tsɔ kpẽ kple anyikplu si me akakati le la na ame sia ame.

17Ke eɖe eƒe ɖoɖowo me na wo hegblɔ be, “Ne míeva ɖo futɔwo ƒe asaɖaŋudzɔlawo gbɔ la, miwɔ nu si tututu mawɔ. 18Ne nye kple nye amewo míeku míaƒe kpẽwo ko la, miawo hã miku mia tɔwo le asaɖa la ƒe akpa ɖe sia ɖe eye miado ɣli sesĩe be, ‘Míele aʋa wɔm na Mawu kple Gideon!’ ”

19Ale Gideon kple ame alafa ɖeka siwo nɔ eŋu la ɖo Midiantɔwo ƒe asaɖa la ƒe gbɔto le zãtitina esime woɖɔli dzɔlawo teti. Woku woƒe kpẽwo eye wogbã anyikplu siwo le wo si. 20Aʋalɔgo etɔ̃awo me nɔlawo hã ku kpẽawo, gbã woƒe anyikpluwo, lé akakatiawo ɖe mia eye wolé kpẽawo ɖe ɖusi hena kuku. Wodo ɣli sesĩe be, “Esia nye yi na Yehowa kple Gideon!” 21Esi Gideon ƒe ameawo ɖe to ɖe asaɖa la la, Midiantɔwo katã lé du tsɔ eye wonɔ ɣli dom esime wonɔ dua dzi.

22Esi ame alafa etɔ̃awo (300) ku kpẽawo la, Yehowa de zi asaɖa la me be wotsɔ yi ɖe wo nɔewo ŋu. Woƒe asrafowo si yi ɖe Bet Sita ɖo ta Zerera gbɔ va se ɖe keke Abel Mehola si te ɖe Tabat ƒe liƒo dzi ke. 23Woyɔ Israelvi siwo tso Naftali, Aser kple Manase la, wodo go eye woti Midiantɔwo yome. 24Gideon dɔ dɔlawo wotsa le Efraim tonyigba la katã dzi nɔ gbɔgblɔm be, “Miɖi va dze Midiantɔwo dzi eye miaxe mɔ na woƒe Yɔdan tɔsisi la tsotso va se ɖe keke Bet Bera ke.”

Ale woyɔ Efraim ŋutsuwo katã do goe eye woxe Yɔdan ƒe tɔtsoƒewo katã va se ɖe Bet Bera ke. 25Israelviwo lé Midiantɔwo ƒe aʋafia eveawo, Oreb kple Zeb. Wowu Oreb le agakpe si wotsɔ eƒe ŋkɔ na eye woyɔnɛ fifia be Oreb la gbɔ eye wowu Zeb le wainfiaƒe si woyɔna fifia be Zeb. Woti Midiantɔwo yome eye wotsɔ Oreb kple Zib ƒe tawo vɛ na Gideon le Yɔdan tɔsisi la godo.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Os trezentos de Gideão

  • Antes da batalha, a tropa de 32.000 homens de Gideão foi reduzida a apenas 300 junto à fonte de Harode. Primeiro, 22.000 homens temerosos foram autorizados a voltar para casa, e os 10.000 restantes foram testados pelo modo como bebiam água na fonte, restando apenas os que levaram a água à boca com as mãos.Fontes: o próprio texto bíblico · Harod
  • Gideão utilizou táticas noturnas e surpresa psicológica ao dividir seus 300 homens em três companhias armadas apenas com trombetas de chifre de carneiro, tochas e jarros de barro. Ao cercarem o acampamento dos midianitas e nômades do oriente junto à colina de Moré na troca da vigília noturna, o barulho repentino de jarros se quebrando e trombetas soando fez os inimigos se atacarem no escuro.Fontes: o próprio texto bíblico · Moreh (little Hermon) · East
  • Enquanto os midianitas fugiam em direção ao rio Jordão, a tribo de Efraim foi convocada para interceptar a retirada nas passagens das águas. Os efraimitas capturaram e executaram dois líderes midianitas, Orebe (que significa 'corvo') e Zeebe (que significa 'lobo').Fontes: o próprio texto bíblico · Oreb · Zeeb · Ephraim

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Midian · 28.495, 35.012 · versículos 1, 2, 7, 8, 12, 13, 14, 15, 23, 24, 25
  • Amalek · 30.648, 34.422 · versículo 12
  • East · Hoje: region around Amman · 31.955, 35.934 · versículo 12
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 24, 25

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.