Juízes 20
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Israel ƒe to mamlɛawo ho aʋa ɖe Benyamin ƒe to la ŋu
1Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa. 2Israelviwo ƒe towo katã ƒe kplɔlawo nɔ Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la me kple asrafo akpe alafa ene (400,000), ame siwo lé yiwo ɖe asi. 3Benyamin ƒe to la se nu tso Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒe ƒuƒoƒo ɖe Mizpa ŋu. Israel Fiawo yɔ Levitɔ si ƒe ahiãvi wowu la be wòagblɔ nya si dzɔ tututu la na yewo.
4Levitɔ la gblɔ be, “Míeva ɖo Gibea, Benyamin ƒe to la ƒe du aɖe me gbe ɖeka fiẽ. 5Le zã ma me la, Gibea ŋutsuwo va ƒo xlã aƒe si me míedze eye woɖo be yewoawum. Wodɔ nye ahiãvi gbɔ va se ɖe esime wòku. 6Ale mefli ame kukua ɖe akpa wuieve me eye meɖo akpa ɖeka ɖe to ɖe sia ɖe le Israelnyigba dzi elabena ame siawo wɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe. 7Azɔ la, Israelviwo, mina manya miaƒe susu eye miaɖo aɖaŋu le afi sia fifi la míase!”
8Ameawo katã gblɔ kple gbe ɖeka be, “Mía dometɔ aɖeke mayi aƒe me o va se ɖe esime míahe to na Gibeatɔwo. 9Nu si míawɔ enye míadzidze nu ɖe wo dzi eye míatia ame aɖewo be woaho aʋa ɖe wo ŋu. 10Israelviwo ƒe ewolia ƒe ɖeka ana nuɖuɖu aʋawɔlawo eye ame mamlɛawo ayi aɖahe to na Gibeatɔwo le nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ ɖe nyɔnu la ŋu le Israelnyigba dzi la ta.” 11Ale dukɔ blibo la sɔ nu le dɔdeasi sia wɔwɔ me.
12Eye Israel toawo ɖo amewo ɖe Benyamin ƒe to la be woagblɔ na wo be, “Mienya nane tso nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ le mia dome la ŋua? 13Miɖe asi le nu vɔ̃ sia wɔlawo ŋu ale be, míate ŋu awu wo eye míaɖe vɔ̃ ɖa le Israelnyigba dzi.” Ke Benyamin ƒe to la meɖo to wo o, 14Wotso woƒe duwo me va ƒo ƒu ɖe Gibea be yewoawɔ aʋa kple Israelviwo. 15Benyamin ƒe viwo ƒo ƒu ame siwo ta yi akpe blaeve-vɔ-ade (26,000) tso woƒe duwo me enumake hekpe ɖe ame alafa adre (700) siwo wotia tso ame siwo le Gibea la ŋu. 16Miawɔla alafa adre siwo nye aŋutrɔdala nyuiwo la nɔ ameawo dome, ame siwo ƒe alɔ dzɔna ale gbegbe be womedzidzea naneke danɛ ƒu o. 17Israelviwo ƒe aʋawɔlawo, ame siwo dome Benyamin ƒe viwo mele o la de ame akpe alafa ene (400,000).
18Hafi woadze aʋa la wɔwɔ gɔme la, Israelviwo yi Betel gbã eye wobia Mawu be, “To kae anɔ ŋgɔ na mí, míawɔ aʋa kple Benyamin ƒe to la?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe viwoe anɔ ŋgɔ.”
19Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu. 20Israelviwo yi be woawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo eye wodze aʋalɔgowo ɖe wo ŋu le Gibea. 21Benyamin ƒe viwo do tso Gibea eye wowu Israelvi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) le aʋagbedzi gbe ma gbe. 22Ke Israelviwo de dzi ƒo na wo nɔewo eye wogaƒo ƒu ɖe teƒe si wonɔ le ŋkeke gbãtɔ dzi. 23Israelviwo yi Yehowa gbɔ hefa avi nɛ va se ɖe fiẽ eye wobia Yehowa be, “Ɖe míagayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo, ame siwo nye mía nɔviwoa?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi miakpe aʋa kpli wo.”
Ale dzi gaɖo Israelviwo ƒo, wogada woƒe aʋawɔlawo ɖe afi si woda wo ɖo tsã. 24Israelviwo gakpe aʋa kple Benyamin ƒe to la zi evelia. 25Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la gawu ame akpe wuienyi, ame siwo nye yidala nyuiwo la, le Israelviwo dome.
26Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa.
27Israelviwo bia gbe Yehowa (le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma 28eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.”
29Ale Israelvi aɖewo de xa ɖe teƒe vovovoawo ƒo xlã Gibea 30eye Israelviwo ho ɖe Benyaminviwo ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe hedze aʋa ɖe Gibea dzi abe tsã ene. 31Esi Benyamin ƒe to la do go le dua me be yewoakpe aʋa kpli wo la, Israelviwo si yi megbe, Benyamin ƒe to la dze wo yome, ale wogblẽ Gibea ɖe megbe. Abe ale si wowɔ tsã ene la, Benyamin ƒe to la de asi Israelviwo wuwu me le mɔ si le Betel kple Gibea dome la dzi; ale wowu Israelvi blaetɔ̃.
32Benyamin ƒe to la do ɣli be, “Míegale wo dzi ɖum egbe hã!” Ke, enye ɖoɖo le Israel ƒe aʋakplɔlawo dome do ŋgɔ be yewoasi ale be Benyamin ƒe to la nakplɔ yewo ɖo ale be woadzo le woƒe dua gbɔ. 33Ke esi Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ ɖo Baal Tama la, etrɔ hekpe aʋa kple Benyamin ƒe to la azɔ eye Israelvi akpe ewo si de xa ɖe Gibea ƒe ɣetoɖoƒe la, do go tso teƒe si wode xa ɖo 34eye wokplɔ Benyamin ƒe to la ɖo to megbe, le esime Benyamin ƒe to la menya kura be aʋa si yewo to megbe o. 35Ale Yehowa si Benyamin ƒe to la le Israelviwo ŋgɔ eye Israelviwo wu ame akpe blaeve vɔ atɔ̃ le Benyamin ƒe to la dome, ale wonya azɔ be woɖu yewo dzi; woƒe aʋawɔla ʋɛ aɖewo koe susɔ.
36Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ si yi megbe elabena woɖo ŋu ɖe woƒe aʋalɔgo si de xa ɖi ƒo xlã Gibea la ŋu. 37Ame siawo yi Gibea dua me eye wowu ame sia ame. 38Israel ŋutsuwo kple xadolawo ɖo gbe ɖi be ne wokpɔ dzudzɔ gã aɖe le dodom le dua me ko la 39ekema Israel ƒe aʋalɔgo gãtɔ me nɔlawo natrɔ awɔ aʋa ŋkume kple ŋkume kple Benyamin ƒe to la. Esi Benyamin ƒe to la wu ame blaetɔ̃ xoxo ta la, wogblɔ na wo nɔewo be, “Míegasi wo abe ale si míesi wo tsã ene.” 40Tete dzesi si woɖo da ɖi la dze na wo: dzudzɔ de asi tutu me kɔlikɔli le dua me. Esi Benyamin ƒe to la trɔ kɔ kpɔ megbe la, ewɔ nuku na wo be du blibo la nɔ bibim. 41Israelviwo trɔ ɖe wo ŋu azɔ. Benyamin ƒe to la tɔtɔ eye wosi ɖo ta gbedzi elabena wodze sii azɔ be yewotsrɔ̃ vɔ. 42Wosi le Israelviwo nu ɖo ta gbedzi, Israelviwo kplɔ wo ɖo eye ame siwo be ɖe mɔa dzi la va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu hewu Benyamin ƒe to la tso megbe. 43Woɖe to ɖe Benyamin ƒe aʋakɔ la le Gibea ƒe ɣedzeƒe lɔƒo eye wowu wo dometɔ geɖewo le afi ma. 44Ame akpe wuienyie (18,000) ku le Benyamin ƒe to la ƒe aʋawɔlawo dome gbe ma gbe. 45Agbetsilawo si yi gbedzi le Rimon kpe la gbɔ le esime wowu wo dometɔ ame akpe atɔ̃ le mɔa dzi eye wogawu ame akpe eve le Gidom gbɔ.
46Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la me tɔ akpe blaeve vɔ atɔ̃, ame siwo nye yidala kalẽtɔwo la tsi aʋa. 47Ke ame alafa ade si yi gbegbe la, yi Rimon ƒe agakpe la gbɔ eye wonɔ afi ma ɣleti ene. 48Israel ƒe aʋakɔ la trɔ azɔ ɖe dua gbɔ eye wowu Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Wotsrɔ̃ woƒe lãwo eye wotɔ dzo du kple kɔƒe ɖe sia ɖe le anyigba blibo la dzi.

Você sabia?
A guerra contra Benjamim
- A expressão 'de Dã a Berseba' descreve toda a extensão da Terra Prometida de norte a sul, uma distância de cerca de 230 km. A assembleia reuniu-se em Mispá, uma cidade no alto de uma colina a noroeste de Jerusalém que costumava servir como ponto de encontro durante grandes crises nacionais.Fontes: Beersheba · Mizpah · o próprio texto bíblico
- O texto registra que Fineias, filho de Eleazar e neto de Arão, ministrava diante da Arca da Aliança em Betel quando Israel consultou a Deus. Esse detalhe indica que a guerra civil em Gibeá ocorreu no início do período dos juízes, apenas duas gerações após o Êxodo.Fontes: Phinehas (Levite) · Eleazar · Aaron · Bethel (of Palestine)
- Após perdas devastadoras que quase extinguiram a tribo de Benjamim, apenas 600 guerreiros sobreviveram. Eles fugiram para a rocha de Rimom, um local íngreme no limite da região montanhosa, onde permaneceram por quatro meses.Fontes: Rimmon · Gibeah · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Dan · Hoje: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 1
- Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 1
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 1
- Maareh-geba · Hoje: within 2 km of Tel el Ful · 31.823, 35.231 · versículo 33
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org