Juízes 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Mawudɔla le Bokim
1Gbe ɖeka la, Mawudɔla aɖe tso Gilgal yi Bokim eye wògblɔ na Israelviwo be, “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi va anyigba si ŋugbe medo na mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na mi bena, nyemagbe nubabla si mewɔ kpli mi la dzi wɔwɔ o, 2ne miawɔ ɖeka kple ame siwo le anyigba sia dzi o. Megagblɔ na mi be, miagbã woƒe vɔsamlekpuiwo, ke nu ka ta mieɖo tom o? 3Esi miegbe míaƒe nubabla la dzi wɔwɔ ta la, nubabla la megabla nye hã o eya ta nyemagado ŋugbe be matsrɔ̃ dukɔ siwo le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ woanye ŋu anɔ axadame na mi eye woƒe mawuwo anye tetekpɔ na mi ɣe sia ɣi.”
4Esi Israelviwo se nya sia la, wofa avi hoo. 5Ale wona ŋkɔ teƒe ma be Bokim si gɔmee nye “Avifaƒe” eye wosa vɔ na Yehowa.
Israelviwo ƒe tomaɖomaɖo kple wo dzi ɖuɖu
6Esi Yosua ɖe asi le dukɔa ŋu la, ame sia ame yi ɖe eƒe domenyinu si nye anyigba si wòxɔ la dzi. 7Ameawo subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi siwo nɔ agbe wòdidi wu Yosua la ƒe agbemeŋkekewo me eye wokpɔ nu dzɔatsu siwo katã Yehowa wɔ na Israel.
8Yosua, Nun ƒe vi, Yehowa ƒe dɔla ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo, 9eye woɖii ɖe anyigba si ƒe dome wònyi le Timnat Heres le Efraim ƒe tonyigba dzi le Gaas to la ƒe anyiehe.
10Mlɔeba la, dzidzime mawo katã ku. Dzidzime si kplɔ wo ɖo la menya Yehowa loo alo nu siwo wòwɔ na Israel o. 11Tete Israelviwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wosubɔ Baalwo.
12Woɖe asi le Yehowa, ame si nye wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe mawuwo. Wodo dɔmedzoe na Mawu elabena 13wogblẽe ɖi eye wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo. 14Le Yehowa ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe Israel ŋu ta la, etsɔ wo de asi na adzohawo eye woha wo. Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo, ame siwo nu womagate ŋu nɔ te ɖo o. 15Ne Israelviwo yi aʋa wɔ ge la, Yehowa megakpena ɖe wo ŋu o ale woɖua wo dzi abe ale si wòka atam na wo la ene eya ta wonɔ xaxa gã aɖe me.
16Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃lawo na wo, ame siwo ɖe wo tso adzoha siawo ƒe asi me. 17Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo. 18Ne Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃la aɖe na wo la, enɔa anyi kple Ʋɔnudrɔ̃la ma, eye wòɖea wo tso woƒe futɔwo ƒe asi me zi ale si Ʋɔnudrɔ̃la ma le agbe elabena Yehowa kpɔa nublanui na wo ne wole ŋeŋem le ame siwo le wo tem ɖe anyi, le funyafunya wɔm wo la ƒe kɔkuti te. 19Ke ne Ʋɔnudrɔ̃la ma ku la, ameawo galéa mɔ siwo vɔ̃ɖi wu wo fofowo tɔ la tsɔna, eye wodzea mawu bubuwo yome, dea ta agu na wo hesubɔa wo. Wogbe be yewomaɖe asi le woƒe nuwɔna kple mɔ vɔ̃ɖiwo ŋuti o.
20Le esia ta Yehowa do dɔmedzoe vevie ɖe Israel ŋu hegblɔ be, “Esi dukɔ sia tu nu si mebla kple wo fofowo eye womeɖo tom o ta la, 21nyemaganya dukɔ siwo Yosua metsrɔ̃ hafi ku o la le wo ŋgɔ o; 22ke boŋ mawɔ dukɔ siawo ŋu dɔ, ado nye dukɔ, Israel kpɔ, ale be manya ne woaɖo to Yehowa azɔ le eƒe mɔ dzi abe wo fofowo ene loo alo womaɖo toe o.”
23Ale Yehowa gblẽ dukɔ siawo ɖe anyigba la dzi; menya wo ɖa zi ɖeka to wo tsɔtsɔ de asi na Yosua me o.

Você sabia?
O ciclo de desobediência de Israel e os juízes
- O nome Boquim significa "que choram" ou "pranteadores". O local, provavelmente situado entre Gilgal e Siló, recebeu esse nome depois que os israelitas choraram amargamente quando o anjo do Senhor os repreendeu por fazerem acordos com os habitantes da terra.Fontes: Bochim · o próprio texto bíblico
- Josué foi sepultado em Timnate-Heres, que significa "porção do sol", ao norte do monte Gaás, na região montanhosa de Efraim. Ele havia liderado os israelitas após a morte de Moisés e faleceu aos 110 anos de idade.Fontes: Timnath-heres · Gaash · Joshua · o próprio texto bíblico
- O termo baalins é a forma plural que se refere às manifestações locais de Baal, a principal divindade masculina dos fenícios. Juízes 2 estabelece o padrão recorrente do livro: Israel abandona o Senhor para adorar deuses locais, sofre sob opressores e é liberto quando Deus levanta um juiz.Fontes: Baal · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org