Nations Bible

Juízes 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

1Yefta nye aʋawɔla sesẽ aɖe tso Gileadnyigba dzi. Dadaa nye gbolo eye fofoa ŋkɔe nye Gilead. 2Vi bubuwo nɔ Gilead si siwo srɔ̃a ŋutɔ dzi nɛ. Esi Gilead ƒe vi bubu siawo tsi la, wonya Yefta le anyigba la dzi, gblɔ nɛ be, “Nyɔnu bubu ƒe vi nènye! Màkpɔ domenyinu aɖeke tso mía fofo gbɔ o.”

3Ale Yefta si tso fofoa ƒe aƒe me yi Tobnyigba dzi. Eƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu eye wokplɔnɛ ɖo ɣe sia ɣi. 4Ɣeyiɣi sia mee Amonitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu. 5Gilead ƒe kplɔlawo ɖo du ɖe Yefta 6kple kukuɖeɖe be wòava kplɔ yewoƒe aʋakɔ la le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me.

7Yefta bia wo be, “Nu ka ta mieva yɔm le esime mielé fum eye mienyam le fofonye ƒe aƒe me? Nu ka tae mieɖo du ɖem azɔ esi miele xaxa me?”

8Woɖo eŋu be, “Míeɖo du ɖe wò elabena míehiã wò kpekpeɖeŋu. Ne ànye míaƒe aʋafia le míaƒe aʋawɔwɔ me kple Amonitɔwo la, ekema miatsɔ wò aɖo fiae le Gilead.”

9Yefta do ɣli be, “Nyateƒea? Ɖe miebu be maxɔ nya sia sea?”

10Woɖo eŋu be, “Míedo ŋugbe na wò eye míeka atam ɖe ŋugbedodo dzi.”

11Ale Yefta lɔ̃ eye wòzu aʋafia kple Gilead fia. Woɖo kpe nya sia dzi le Yehowa kple ameawo katã ŋkume le Mizpa. 12Yefta ɖo du ɖe Amon fia be yedi be yeanya nu si ta wòle aʋa hom ɖe Israelviwo ŋu. 13Amon fia ɖo eŋu be anyigba la nye Amɔnitɔwo tɔ eye Israelviwo va fii esime wotso Egipte va ɖo. Eyi edzi be anyigba blibo la tso Arnon tɔsisi la ŋu yi Yabok tɔsisi la ŋu heyi Yɔdan tɔsisi la ŋu, eye wònye ye tɔ, eya ta Israelviwo naɖe asi le yeƒe anyigba ŋuti na ye tomefafatɔe.

14Yefta gaɖo amewo ɖe Amonitɔwo ƒe fia 15be, “Nya si Yefta gblɔ lae nye esi, ‘Israel mexɔ Moabtɔwo alo Amonitɔwo ƒe anyigba o. Nyateƒe lae nye be, 16esi Israelviwo tso Egipte, tso Ƒu Dzĩe la eye wova ɖo Kades la, 17woɖo du ɖe Edom fia nɔ mɔ biam be, yewoato eƒe anyigba dzi gake Edom fia meɖe mɔ na wo o. Wobia mɔ ma ke Moab fia hã eye eya hã gbe eya ta Israelviwo nɔ Kades.

18“ ‘Mlɔeba la, woƒo xlã Edom kple Moab to gbedadaƒo, woto woƒe ɣedzeƒeliƒowo dzi va se ɖe esime woɖo Moab ƒe liƒo la godo le Arnon tɔsisi la ŋu. 19Israel ɖo du ɖe Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon eye wòbia be wòaɖe mɔ yewoato eƒe anyigba dzi ayi afi si yewoyina. 20Fia Sixɔn mexɔ Israelviwo dzi se o eya ta wòna eƒe aʋakɔ wɔ aʋa kple Israelviwo le Yaza. 21Yehowa, míaƒe Mawu la kpe ɖe Israelviwo ŋu woɖu Fia Sixɔn dzi. Ale Israelviwo xɔ anyigba si dzi Amoritɔwo nɔ la katã. 22Israelviwo nɔ anyigba la katã dzi tso Arnon tɔsisi la ŋu le anyigbeme yi Yabok tɔsisi la ŋu le dzigbeme kple tso gbegbe la ŋu le ɣedzeƒe yi Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣetoɖoƒe.

23“ ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu lae xɔ anyigba la le Amoritɔwo si na Israelviwo. Ekema nu ka ta míagbugbɔe na wò? 24Na nu sia nu si wò mawu Kemos na wò la nanye tɔwò eye nu sia nu si Yehowa, míaƒe Mawu la na míawo hã la, nanye mía tɔ! 25Ke wò ɖe, ame ka gɔ̃e nèbu be yenye? Ɖe nènyo wu Fia Balak, Moab fia? Ɖe wòdi be yeagbugbɔ yeƒe anyigba axɔ le Israelviwo si, esime Israel ɖu edzia? Kpao! 26Ke wò ya nèle didim be yeaho nya sia ɖe dzi azɔ le ƒe alafa etɔ̃ megbe! Israel nɔ anyigba sia dzi ɣeyiɣi sia katã tso Hesbon va yi Aroer, yi ɖatɔ keke Arnon tɔsisi la. Nu ka ta mèdze agbagba aɖeke kpɔ do ŋgɔ na fifia be yeagbugbɔ anyigba la axɔ o? 27Kpɔ ɖa, nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o: wò boŋue wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye be nèho aʋa ɖe ŋunye. Ke eteƒe madidi o, Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la la, adrɔ̃ ʋɔnu le mí Israelviwo kple mi Amonitɔwo dome.’ ”

28Amon fia meɖo to Yefta ƒe nya la o.

Yeƒta ƒe adzɔgbeɖeɖe

29Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ to Gileadnyigba kple Manase ƒe anyigba dzi, dze le Mizpa le Gilead ŋu eye wòkpe aʋa kple Amonitɔwo ƒe aʋakɔ. 30Yefta ɖe adzɔgbe na Yehowa be, “Ne ètsɔ Amonitɔwo de asi nam la, 31nu sia nu si ado to nye aƒe ƒe agbo me ava kpem ne meɖu Amonitɔwo dzi hetrɔ gbɔ la, anye Yehowa tɔ eye matsɔe asa numevɔe nɛ.”

32Yefta kplɔ eƒe aʋakɔ wowɔ aʋa kple Amonitɔwo. Yehowa na Israel ɖu dzi 33eye wowu Amonitɔwo tso keke Aroer va se ɖe Minit. Woxɔ du blaeve va keke Abel Keramin. Ale Israel ɖu Amonitɔwo dzi.

34Esi Yefta trɔ va eƒe aƒe me le Mizpa la, ame aɖeke medo va kpee o, negbe via nyɔnu si nɔ ɣe ɖum ɖe asiʋui ŋu! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Viŋutsu loo alo vinyɔnu aɖeke meganɔ esi wu eya o. 35Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, “O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o.”

36Eɖo eŋu nɛ be “Fofonye, èɖe adzɔgbe na Yehowa; wɔm abe ale si nèdo ŋugbee ene elabena Yehowa bia hlɔ̃ wò futɔ siwo nye Amonitɔwo. 37Gake wɔ nye didi sia ko dzi nam. Na ɣleti evem matsa le togbɛawo dzi afa konyi kple xɔ̃nyewo elabena nyemaɖe srɔ̃ akpɔakpɔ o.”

38Yefta ɖe mɔ nɛ eye wòyi toawo dzi; eya kple xɔlɔ̃awo nɔ afi ma kple konyifafa ɣleti eve. 39Le esia megbe la, etrɔ va aƒe eye Yefta wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi, ale ɖetugbi la meɖe srɔ̃ o. Tso gbe ma gbe dzi la, ezu kɔnu le Israelviwo dome 40be ɖetugbiwo nayi aɖanɔ toawo dzi ŋkeke ene ƒe sia ƒe afa konyi le Yefta, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnuvi ta.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A liderança e o trágico voto de Jefté

  • Jefté foi expulso da casa de seu pai por seus meio-irmãos por ser filho de uma prostituta, refugiando-se na terra de Tobe. Contudo, quando os amonitas atacaram, os anciãos de Gileade recorreram a ele e o nomearam comandante em Mispá.Fontes: Jephthah · Tob · o próprio texto bíblico
  • Antes de guerrear, Jefté enviou mensageiros argumentando que Israel ocupava legitimamente a região entre os rios Arnom e Jaboque havia trezentos anos. Ele enfatizou que Israel havia conquistado a terra de Seom, rei dos amorreus, em autodefesa, e não dos amonitas ou moabitas.Fontes: o próprio texto bíblico · Sihon · Arnon · Jabbok
  • Jefté fez um voto prometendo oferecer ao SENHOR o primeiro que saísse de sua casa após o retorno vitorioso. Quando sua única filha saiu ao seu encontro com tamborins e danças, ela pediu dois meses nos montes para lamentar, estabelecendo um costume anual de quatro dias entre as jovens de Israel.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículos 4, 5, 6, 8, 9, 12, 13, 14, 15, 27, 28, 29, 30, 31, 32, 33, 36
  • Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículos 5, 7, 8, 9, 10, 11, 29
  • Arnon · Hoje: Wadi Mujib · 31.466, 35.573 · versículos 13, 18, 22, 26
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 13, 16
  • Jabbok · Hoje: Zarqa River · 32.115, 35.543 · versículos 13, 22
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 13, 22
  • Moab · Hoje: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículos 15, 17, 18, 25
  • Red Sea · Hoje: Gulf of Aqaba · 28.750, 34.750 · versículo 16
  • Edom · 30.746, 35.604 · versículos 17, 18

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.