Isaías 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Woɖo Yesaya nyagblɔɖilae
1Le ƒe si me Fia Uzia ku la, mekpɔ Aƒetɔ la wònɔ fiazikpui nyui kɔkɔ aɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la katã me. 2Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii. 3Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be,
“Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la;
anyigba blibo la katã yɔ fũu
kple eƒe ŋutikɔkɔe.”
4Woƒe gbe ƒe ɖiɖi na be ʋɔtrutiawo kple gbedoxɔ la ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ gbedoxɔ la me taŋ.
5Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”
6Kasia Serafiawo dometɔ ɖeka dzo yi ɖe vɔ̃samlekpui la gbɔ, eye wòtsɔ abɛ tsɔ dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi hedzo va gbɔnye. 7Etsɔ dzoka xɔxɔ la tɔ nye nuyi hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, woɖe wò vodadawo ɖa, eye wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò, elabena dzoka sia ka wò nuyi ŋuti.”
8Eye mese Aƒetɔ la ƒe gbe wòbia be, “Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?”
Meɖo eŋu be, “Aƒetɔ, nyee nye esi, dɔm!”
9Egblɔ nam be,
“Yi nàgblɔ na ame siawo be,
‘Miaƒe towo ase nyawo, gake miase egɔme o.
Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu,
gake miele si dze gee o.’
10Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri,
tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo.
Ne menye nenema o la,
woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo,
ase nu kple woƒe towo,
ase nu gɔme kple woƒe dziwo,
eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.”
11Eye megblɔ bena “Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Aƒetɔ?”
Eɖo ŋu be,
“Va se ɖe esime duwo katã zu aƒedo,
eye ame aɖeke megale wo me o.
Va se ɖe esime aƒewo katã naɖi gbɔlo,
eye anyigba la katã nazu gbegbe.
12Va se ɖe esime Yehowa nya ame sia ame ɖo ɖe aboyome,
eye anyigba la katã nagblẽ keŋkeŋkeŋ.
13Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka
asusɔ ɖe anyigba dzi hã la,
woagana wòazu gbegbe,
gake abe ale si ne wolã logoti
kple gboti, takpoawo susɔna ene la,
nenema ke atiku kɔkɔe la azu
atitakpo ɖe anyigba la dzi.”
Você sabia?
O Chamado e a Visão de Isaías
- Isaías data seu chamado visionário no ano da morte do rei Uzias. Uzias governou Judá por cerca de cinquenta e dois anos de notável prosperidade antes de usurpar as funções sacerdotais no final de sua vida.Fontes: o próprio texto bíblico · Uzziah
- Os serafins que aparecem na visão do templo são seres de seis asas cujos louvores fazem tremer os umbrais e as portas. Um deles usa uma tenaz para trazer uma brasa viva do altar e tocar os lábios de Isaías, purificando-o antes de sua comissão.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org