Nations Bible

Isaías 38

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Hezekia ƒe dɔléle

1Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ”

2Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be, 3“O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.

4Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be: 5“Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.” 6Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta.

7“ ‘Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò, be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo. 8Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.

9Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe:

10Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me,

ɖe mato ku ƒe agbowo me,

eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?”

11Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o.

Nyemagakpɔ Yehowa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o;

nyemagakpɔ amegbetɔwo alo anɔ anyi

kple ame siwo le xexe sia me o.

12Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye

abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene.

Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la,

nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli.

13Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli,

gake èŋe nye ƒuwo abe dzata ene,

eye zã kple keli nèna nye agbe wu enu.

14Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene,

eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene.

Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm.

O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”

15Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam,

eye eya ŋutɔ wɔ ɖe edzi.

Eya ta mazɔ ɖokuibɔbɔtɔe.

Le nye agbemeŋkekewo katã me,

le nye luʋɔ ƒe vevesese ta.

16O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo,

eye nye hã nye gbɔgbɔ kpɔ agbe le wo me.

Èna mehaya, eye nègana mele agbe.

17Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae

nèna meto vevesese mawo me.

Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me,

eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.

18Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o,

ku mate ŋu adzi kafukafuhawo na wò o,

eye ame siwo yi aʋlime la mate ŋu

akpɔ mɔ na wò nuteƒewɔwɔ o.

19Ame gbagbewo koe akafu wò

abe ale si mele wɔwɔm egbe ene,

eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo.

20Yehowa aɖem, eye míadzi ha

kple kasaŋkuwo le míaƒe agbemeŋkekewo katã me,

le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.

21Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.”

22Hezekia bia be, “Nu kae anye dzesi be magayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me?”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A Enfermidade e a Recuperação de Ezequias

  • Quando o rei Ezequias adoeceu gravemente, o profeta Isaías anunciou inicialmente sua morte iminente. Após Ezequias chorar e orar com fervor, Deus prometeu acrescentar quinze anos à sua vida e defender Jerusalém do rei da Assíria.Fontes: o próprio texto bíblico · Hezekiah
  • Como sinal para confirmar a promessa divina, a sombra do sol retrocedeu dez degraus na escadaria associada ao rei Acaz, pai e antecessor de Ezequias no trono de Judá.Fontes: o próprio texto bíblico · Ahaz
  • Junto à intervenção divina, Isaías prescreveu um remédio medicinal prático, instruindo que aplicassem uma pasta de figos prensados sobre a úlcera do rei para que ele sarasse.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículo 6

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.