Isaías 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu
1Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu.
Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte
kple du le lilikpowo dzi.
Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume,
eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.
2“Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo,
nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu,
du natso ɖe du ŋu,
eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti.
3Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo.
Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo,
ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ.
4Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te,
eye fia vɔ̃ɖi aɖe aɖu wo dzi.”
Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
5Nil tɔsisi la amie,
eye eme aƒu kplakplakpla.
6Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm.
Egipte tɔʋuwo hã amie, eye wo me aƒu.
Aƒla kple aɖa siwo le tɔsisi la me la ayrɔ.
7Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la to
kple esiwo mie ɖe tɔsisi la kple ƒu la
ƒe godoƒe la hã ayrɔ.
Nuku siwo le bo dzi le Nil tɔsisi la to la afia,
eye ya aƒo wo adzoe.
8Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi,
eye nenema ke ame siwo daa asabu ɖe tɔa me la hã axa nu.
9Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ,
nenema kee nye aklalavɔ biɖibiɖiwo lɔ̃lawo hã.
10Ketelɔlawo ƒe mo atsi daa
eye agbatedɔwɔlawo katã ƒe dzi axa nu.
11Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo.
Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo.
Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be,
“Menye nunyalawo dometɔ ɖeka,
menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?”
12Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ.
Wonegblɔ nu siwo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ɖo ɖe Egipte ŋu la na mí.
13Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo.
Woble Memfis ƒe dukplɔlawo,
eye ame siwo nye eƒe dzogoedzikpewo la kplɔ Egipte trae.
14Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me.
Ale wòna Egipte mu sɔgɔsɔgɔ le nu siwo katã
wòwɔna la me abe ale si ahanomunɔtɔ mlina le xe si
eya ŋutɔ ɖe la me ene.
15Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike,
deʋaya alo keti mate ŋu awɔ naneke na Egipte o.
16Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta. 17Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta.
18Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu.
19Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa. 20Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me. 21Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi. 22Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo.
23Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae. 24Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi. 25Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”

Você sabia?
A profecia a respeito do Egito
- Zoã (conhecida pelos gregos como Tânis), no delta do Nilo, e Mênfis (chamada Nofe em hebraico) foram capitais administrativas e centros de liderança no antigo Egito. Isaías destaca os conselheiros dessas cidades reais para enfatizar o colapso da sabedoria egípcia.Fontes: Zoan · Memphis · o próprio texto bíblico
- O julgamento econômico descrito no capítulo atinge diretamente o Nilo, o rio essencial para a sobrevivência do Egito. A seca de suas águas e canais ameaçava a agricultura, a pesca e ofícios vitais como o cultivo do linho e a tecelagem de tecidos finos.Fontes: Nile · o próprio texto bíblico
- O oráculo termina prevendo uma estrada que ligaria os grandes rivais imperiais, Egito e Assíria, ao lado de Israel. Em vez de guerra perpétua, esses antigos impérios são descritos prestando adoração juntos e compartilhando a bênção divina.Fontes: Assyria · Egypt · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 1, 2, 3, 4, 6, 10, 11, 12, 13, 14, 15, 16, 17, 18, 19, 20, 21, 22, 23, 24, 25
- Nile · Hoje: Nile River · 31.465, 30.367 · versículos 5, 6, 7, 8
- Zoan · Hoje: Tanis · 30.977, 31.880 · versículos 11, 13
- Memphis · 29.849, 31.253 · versículo 13
- Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 18
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 23, 24, 25
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org