Hebreus 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Kristo nye gã wu Mose
1Eya ta nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida miaƒe susuwo ɖe Yesu, apostolo kple nunɔlagã, ame si me mieʋu la dzi. 2Ewɔ nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me la ene. 3Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose. 4Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe, gake Mawue nye nu sia nu wɔla. 5Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti. 6Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.
Nuxɔxlɔ̃ ɖe dzimaxɔse ŋuti
7Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be,
“Egbe ne miese eƒe gbe la,
8migasẽ miaƒe dziwo me
abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me,
le ɣeyiɣi si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o.
9Afi ma mia fofowo dom kpɔ, eye wotem kpɔ le,
eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe blaene.
10Eya ta medo dziku ɖe dzidzime ma ŋu, eye megblɔ be,
‘Woƒe dziwo tra mɔ ɣe sia ɣi,
eye womenya nye mɔwo o!’
11Eya ta le nye dziku me la, meka atam gblɔ be,
‘Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.’ ”
12Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la naganɔ mia dometɔ aɖeke si o. 13Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o. 14Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko. 15Abe ale si mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be,
“Egbe ne miese eƒe gbe la,
migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si
miewɔ le miaƒe aglãdzedze la me ene o.”
16Ame kawoe nye ame siwo se nya la, eye wodze aglã? Ɖe menye woawoe nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa? 17Eye ame kawo ŋue wòdo dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? Ɖe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woƒe ŋutilã kukuwo tsi gbea dzi lae oa? 18Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔƒe la me gbeɖe o, ne menye ame siwo sẽ to lae oa? 19Ale míekpɔe kɔtɛe be womete ŋu ge ɖe dzudzɔƒe la me o le woƒe dzimaxɔse ta.

Você sabia?
Glória maior do que a de Moisés
- Hebreus pede aos leitores que fixem a atenção em Jesus, o apóstolo e sumo sacerdote que confessam. Ele foi fiel àquele que o designou, assim como Moisés foi fiel em toda a casa de Deus, mas Jesus é considerado digno de maior glória do que Moisés, como o construtor de uma casa tem mais honra do que a própria casa. Moisés foi fiel como servo; Cristo é fiel como Filho sobre a casa de Deus.Fontes: o próprio texto bíblico
- A advertência volta-se ao povo que Moisés tirou do Egito. Durante quarenta anos no deserto, eles puseram Deus à prova; Deus se irou contra aquela geração e jurou que jamais entrariam no seu descanso, e os corpos deles caíram no deserto. O capítulo diz que a incredulidade os impediu de entrar.Fontes: o próprio texto bíblico
- O Egito, a terra que deixaram com Moisés, é a terra do Nilo e das pirâmides. O dicionário bíblico de Easton (1897) explica o nome Moisés como tirado, ou o liga à palavra egípcia mesu, que significa filho.Fontes: o próprio texto bíblico · Egypt · Moses
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 16
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org