Nations Bible

Gálatas 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Apostoloawo xɔ Paulo

1Le ƒe wuiene megbe la, megayi Yerusalem. Azɔ la, mekplɔ Barnabas kple Tito ɖe asi. 2Meyi le nu si Mawu ɖe fiam la nu, be mayi aɖawɔ takpekpe kple ame siwo wobuna abe kplɔlawo ene le afi ma. Megblɔ nyanyui si megblɔna na ame siwo menye Yudatɔwo o la na wo. Medi be makpɔ kakaɖedzi be nyemele du ƒum, eye nye duƒuƒu nye dzodzro o. 3Togbɔ be Tito, ame si le ŋunye nye Helatɔ hã la, womezi edzi be wòatso aʋa o. 4Kuxi sia do mo ɖa, elabena aʋatsoxɔsetɔ aɖewo va ge ɖe mía dome, be yewoalé ŋku ɖe ablɔɖe, si su mía si le Kristo Yesu me la ŋu, ne yewoawɔ mí kluviwoe. 5Míeɖo to wo kura o, kple susu be míalé nyanyui la ƒe nyateƒenyenye me ɖe asi na mi.

6Ke ame siwo ŋu wodea bubui la, ame ka ke wonye hã la, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ame siwo buna bena wonye nane la, womegblɔ nya aɖeke fiam o. 7Ke boŋ wode dzesii be wotsɔ nyanyui la gbɔgblɔ de asi nam be magblɔ na aʋamatsomatsotɔwo abe ale si wodee asi na Petro be wòagblɔ na aʋatsotsotɔwo la ene. 8Elabena Mawu, ame si li kple Petro le eƒe dɔwɔwɔ me abe apostolo na aʋatsotsotɔwo ene la, eya kee li kple nye hã le nye dɔwɔwɔ me abe apostolo na ame siwo menye Yudatɔwo o la ene. 9Yakobo, Kefa kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, woxɔ nye kple Barnabas ɖe hamea me esi wode dzesi amenuveve si wonam la. Wolɔ̃ ɖe edzi be míawo míayi ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, eye woawo nayi aʋatsotsotɔwo gbɔ. 10Nya si wogblɔ koe nye be míanɔ ŋku ɖom ame dahewo dzi, nu si medina be mawɔ ɣe sia ɣi.

Paulo tsi tsitre ɖe Petro ŋu

11Ke esi Kefa va Antioxia la, metsi tsitre ɖe eŋu, elabena wotso enu. 12Elabena hafi ŋutsu aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, enɔa nu ɖum kple ame siwo menye Yudatɔwo o la. Gake esi wova ɖo la, ehe ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖe aga tso ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu, elabena enɔ vɔvɔ̃m na ame siwo nye aʋatsotsotɔwo. 13Yudatɔ bubuawo hã dze eƒe alakpanuwɔwɔ yome, eye woƒe alakpanuwɔwɔ na be Barnabas gɔ̃ hã tra mɔ.

14Esi mede dzesii be woƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe nyanyui la ƒe nyateƒe la nu o la, meka mo na Kefa le wo katã ƒe ŋkume be, “Yudatɔ nènye, gake èle agbe nɔm abe ame si menye Yudatɔwo o la ene. Nu ka ta nèzi ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi ɖo?

15“Ke mí ame siwo nye Yudatɔwo tso dzɔdzɔme eye míenye nu vɔ̃ wɔlawo abe ame siwo menye Yudatɔwo ene o la, 16míenyae be wometsoa afia na ame to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔse me. Eya ta míawo hã míexɔ Yesu Kristo dzi se be woatso afia na mí to xɔse me le Kristo me, eye menye to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, elabena wometsoa afia na ame aɖeke to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.

17“Gake ne míedi be woatso afia na mí le Kristo me eye mí Yudatɔwo hã míele nu vɔ̃ wɔlawo dome ɖe, ɖe mefia be Kristo le nu vɔ̃ dzi dem o mahã? Gbeɖe! 18Ne megbugbɔ nu siwo megblẽ la ɖɔɖola, ekema mezu sedzidala.

19“Elabena to se la me la, meku na se la, be manɔ agbe na Mawu. 20Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye. 21Nyemegbe nu le Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, elabena ne míakpɔ dzɔdzɔenyenyenye to se la me la, ekema Kristo ku dzodzro!”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Gentios, comunhão e um confronto em Antioquia

  • Tito foi com Paulo e Barnabé a Jerusalém. O Easton's Bible Dictionary (1897) diz que ele parece ter sido gentio e que seu nome não aparece em Atos. Paulo escreve que Tito, embora fosse grego, não foi obrigado a circuncidar-se.Fontes: Titus · o próprio texto bíblico
  • O confronto posterior ocorreu em Antioquia da Síria, às margens do Orontes, a umas trezentas milhas ao norte de Jerusalém. A cidade ocupava o terceiro lugar entre as cidades do Império Romano, depois de Roma e Alexandria, e foi ali que os crentes foram chamados cristãos pela primeira vez.Fontes: Antioch (Syria) · o próprio texto bíblico
  • O Easton's Bible Dictionary (1897) descreve Tiago, citado com Cefas e João como um dos pilares, como cabeça da igreja em Jerusalém, onde presidiu o concílio sobre os gentios. Paulo diz que, antes de chegarem certos homens da parte de Tiago, Cefas costumava comer com os gentios, mas depois se afastou por medo do grupo da circuncisão.Fontes: James (Brother of Jesus) · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 1
  • Antioch · Hoje: Antioch on the Orontes · 36.227, 36.172 · versículo 11

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.