Esdras 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Ƒometatɔ siwo gbɔ kple Ezra
1Esiawoe nye ƒometatɔ siwo trɔ gbɔ kplim tso Babilonia le fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la ƒe ŋkɔwo kple ƒometɔ siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe wo gbɔ la ƒe ŋkɔwo:
2Ame siwo tso Finehas ƒe dzidzime me:
Gersom;
Ame siwo tso Itamar ƒe dzidzime me:
Daniel;
Ame siwo tso David ƒe dzidzime me:
Hatus 3si tso Sekania ƒe dzidzime me;
Ame siwo tso Paros ƒe dzidzime me:
Zekaria kple ŋutsu alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe egbɔ;
4Ame siwo tso Pahat Moab ƒe dzidzime me:
Zerahia ƒe vi, Eliehoenai kple ŋutsu alafa eve (200) siwo kpe ɖe eŋu la;
5Ame siwo tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome:
Sekania, Yahaziel ƒe vi kple ŋutsu alafa etɔ̃ (300) siwo le eŋu la;
6Ame siwo tso Adin ƒe dzidzime me:
Yonatan ƒe vi, Ebed kple ŋutsu blaatɔ̃ siwo nɔ eŋu la;
7Ame siwo tso Elam ƒe dzidzime me:
Atalia ƒe vi, Yesaya kple ŋutsu blaadre siwo le eŋu la;
8Ame siwo tso Sefatia ƒe dzidzime me:
Mikael ƒe vi, Zebadia kple ŋutsu blaenyi siwo dze eyome la;
9Ame siwo tso Yoab ƒe dzidzime me:
Yehiel ƒe vi, Obadia kple ŋutsu alafa eve kple wuienyi (218) siwo nɔ eŋu la;
10Ame siwo tso Bani ƒe dzidzime me:
Yosifia ƒe vi, Selomit kple ŋutsu alafa ɖeka kple blaade (160) siwo nɔ eŋu la;
11Ame siwo tso Bebai ƒe dzidzime me:
Bebai ƒe vi, Zekaria kple ŋutsu blaeve-vɔ-enyi siwo nɔ eŋu la;
12Ame siwo tso Azgad ƒe dzidzime me:
Hakatan ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu alafa ɖeka kple ewo (110) siwo nɔ eŋu la;
13Ame siwo tso Adonikam ƒe dzidzime me:
Ame mamlɛ siwo ƒe ŋkɔwoe nye Elifelet, Yeuel kple Semaya kple ŋutsu blaade siwo nɔ wo ŋu la;
14Ame siwo tso Bigvai ƒe dzidzime me:
Utai kple Zakur kple ŋutsu blaadre siwo nɔ wo ŋu la.
Tɔtrɔgbɔ va Yerusalem
15Tete meƒo wo nu ƒu ɖe tɔsisi si si ɖo ta Ahava la to eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃. Esi metsa le ameawo kple nunɔlaawo dome la, nyemekpɔ Levitɔ aɖeke o. 16Ale meyɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zekaria kple Mesulam, ame siwo nye kplɔlawo, kpe ɖe Yoyarib kple Elnatan ŋu, ame siwo nye agbalẽnyala gãwo, 17eye medɔ wo ɖo ɖe dudzikpɔla Ido gbɔ le Kasifia. Megblɔ nya si wòle be woagblɔ na Ido kple nɔvia siwo nye dɔlawo le gbedoxɔ me le Kasifia, ale be woaɖo dɔwɔlawo ɖe mí hena dɔwo wɔwɔ le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me. 18Esi wònye be míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesie nɔ mía dzi ta la, wokplɔ Serebia, ŋutsu si ŋu ŋutete geɖe nɔ la vɛ na mí, ame si nye Mahli, Levi ƒe dzidzimevi. Ke Mahli nye Levi ƒe vi, eye Levi nye Israel ƒe vi, kpe ɖe Serebia ƒe viŋutsuwo kple nɔvia ŋutsuwo ŋu, eye wo katã wole ame wuienyi. 19Woawo kple Hasabia, kpe ɖe Yesaya si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la ŋuti kple nɔvia ŋutsuwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo, ale wo katã wole ŋutsu blaeve. 20Woawo hã kplɔ gbedoxɔmedɔwɔla alafa eve kple blaeve (220) ɖe asi, ame siwo David kple eƒe dɔnunɔlawo ɖo be woakpe ɖe Levitɔwo ŋu. Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖi.
21Le Ahava tɔsisi la to, le afi ma meɖe gbeƒã nutsitsidɔ, ale be míabɔbɔ mía ɖokuiwo le míaƒe Mawu la ŋkume be míabia dedinɔnɔ na míawo ŋutɔ kple mía viwo kple míaƒe nunɔamesiwo ƒe dedinɔnɔ. 22Ŋu le kpeyem be mabia fia la be wòana asrafowo kple sɔdolawo mí, woadzɔ mía ŋu le mɔa dzi le míaƒe futɔwo ta, elabena megblɔ na fia la be, “Míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔa ame sia ame si ɖoa dzi ɖe eŋu la dzi, ke eƒe dziku gã la nɔa ame siwo katã gbee la dzi.” 23Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko na míaƒe Mawu la tso nu sia ŋuti, eye wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu.
24Tete meɖe nunɔla siwo bi ɖe dɔa me nyuie la dometɔ wuieve ɖe aga kpe ɖe Serebia, Hasabia kple wo nɔviŋutsu ewo bubuwo ŋu. 25Meda sika, klosalo kple nu bubu siwo fia la, eƒe aɖaŋuɖolawo, eƒe dɔnunɔlawo kple Israel blibo si nɔ afi ma la na hena míaƒe Mawu ƒe aƒe la. 26Meda klosalo tɔn blaeve-vɔ-eve na wo kple klosalonu bubu siwo ƒe kpekpeme nɔ tɔn etɔ̃ kple afã la na wo, kpe ɖe sika tɔn etɔ̃ kple afã 27kple sikagba blaeve siwo ƒe home anɔ sikaga kilogram enyi kple afã, kpe ɖe akɔblinu vevi eve siwo ŋu wozrɔ̃ wole dzo dam abe sika adodea ene la ŋu.
28Eye megblɔ na wo be, “Wokɔ miawo ŋutɔ kple nu siawo katã ŋuti na Yehowa. Klosalo kple sika nye lɔlɔ̃nununanawo na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la. 29Midzɔ wo ŋu nyuie eye midzra wo ɖo va se ɖe esime miada wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔwo me le Yerusalem le nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel ƒe ƒometatɔwo ŋkume.” 30Ale nunɔlaawo kple Levitɔwo xɔ klosalo, sika kple nu kɔkɔe bubu siwo woda be woatsɔ ayi ɖe míaƒe Mawu ƒe aƒe la mee le Yerusalem.
31Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuievelia dzi la, míedze mɔ tso Ahava tɔsisi la to ɖo ta Yerusalem. Míaƒe Mawu la ƒe asi nɔ mía dzi, eye wòɖe mí tso futɔwo kple adzohawo ƒe asime le mɔa dzi. 32Ale míeva ɖo Yerusalem, eye míedzudzɔ ŋkeke etɔ̃.
33Le ŋkeke enelia dzi, le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me, míeda sika, klosalo kple nu kɔkɔe bubuawo de asi na Uria ƒe vi, nunɔla Meremot. Eleazar, Finehas ƒe vi, nɔ egbɔ hekpe ɖe Levitɔwo, Yozabad, Yesua ƒe vi kple Noadia, Binui ƒe vi ŋuti. 34Míena akɔnta tso nu sia nu ŋuti, le woƒe xexlẽme kple kpekpeme nu, eye woŋlɔ kpekpeme ɖe sia ɖe da ɖi le ɣe ma ɣi me.
35Tete ame siwo gbɔ tso aboyo me la sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la kple nu siawo: Nyitsu wuieve, ɖe Israel ƒe toawo nu, agbo blaasiekɛ-vɔ-ade, alẽvi blaadre-vɔ-adre kple gbɔ̃tsu wuieve abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Wotsɔ esiawo katã wɔ numevɔsae na Yehowa. 36Wotsɔ fia la ƒe sededewo hã na fiateƒenɔlawo kple mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la godo, ame siwo na kpekpeɖeŋu dukɔ la kple Mawu ƒe aƒe la.
Você sabia?
A Jornada de Aava a Jerusalém
- Antes de partir da Babilônia, Esdras reuniu os exilados no canal que corre para Aava e percebeu que não havia levitas no grupo. Ele enviou uma delegação a Casifia para recrutar ministros para o templo, conseguindo trazer Serebias, Hasabias e mais de duzentos servos do templo.Fontes: o próprio texto bíblico · Ahava · Casiphia · Sherebiah
- Como Esdras havia afirmado ao rei persa que Deus protege aqueles que O buscam, teve vergonha de pedir uma escolta militar. Em vez disso, a comunidade jejuou junto ao canal de Aava para pedir proteção para o grupo, suas crianças e a valiosa carga de metais preciosos.Fontes: o próprio texto bíblico · Ahava
- O transporte das grandes ofertas—incluindo centenas de talentos de prata e ouro—foi confiado a doze sacerdotes e levitas líderes. Ao chegarem a Jerusalém, cada vaso sagrado e peso de metal foi meticulosamente verificado, registrado e entregue nas câmaras do templo.Fontes: o próprio texto bíblico · Jerusalem
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Babylonia · 32.543, 44.422 · versículo 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 17, 29, 30, 31, 32
- Beyond the River · 31.777, 35.234 · versículo 36
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org