Nations Bible

Esdras 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Sedede tso Fia Dario gbɔ

1Tete Fia Darius de se, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxo siwo wodzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la me le Babilonia. 2Woke ɖe lãgbalẽgbalẽ aɖe ŋu le Ekbatana ƒe fiasã si le Media nuto la me. Esiae nye nu si woŋlɔ ɖe eme:

Ŋkuɖodzinya:

3Le Fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, fia la de se ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem ŋuti be:

Migbugbɔ gbedoxɔ la tu wòanye teƒe si woasa vɔ le, miɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi. Nekɔ mita blaeve-vɔ-adre eye wòakeke mita blaeve-vɔ-adre. 4Woatsɔ kpe gãwo aɖo gɔmeɖokpe lae, eye woaɖoe ɖe wo nɔewo dzi zi etɔ̃, ale be ɖoɖo etɔ̃lia nanye ati sesẽwo. Woatsɔ ga le fia la ƒe gaɖaka me axe fee ɖe dɔ la ta. 5Kpe ɖe esia ŋu la, woatrɔ klosalonu kple sikanu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le gbedoxɔ la me le Yerusalem, yi ɖe Babiloniae la aɖada ɖe wo nɔƒe le gbedoxɔ la me le Yerusalem; woakɔ wo ɖe Mawu ƒe aƒe la me.

6Ke azɔ la, wò, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo kple wò, Setar Bozenai kple mi woƒe dɔnunɔla siwo le nuto ma me la, migaka afɔ afi ma o. 7Miɖe asi le Mawu ƒe gbedoxɔ si tum wole la ƒe nya me. Miɖe mɔ be Yudatɔwo ƒe mɔmefia kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo nagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu ɖe teƒe si wònɔ tsã.

8Gawu la, mele se dem be, esiawo miawɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo le Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu me:

Woaxe ame siawo ƒe nugbegblẽwo katã tso fia la ƒe gaɖaka si me wodea nudzɔdzɔwoe le Frat tɔsisi la godo me, ale be dɔa matɔ te o. 9Woatsɔ nyitsui, agbo kple agbovi siwo wohiãna na numevɔsawo na dziƒo Mawu la kpe ɖe wɔ, dze, wain kple ami siwo nunɔla siwo le Yerusalem hiãna gbe sia gbe la ŋu na wo, mada le edzi o. 10Ale be woate ŋu asa vɔ siwo adze dziƒo Mawu la ŋu la nɛ, eye woado gbe ɖa ɖe fia la kple via ŋutsuwo ta be woanɔ dedie.

11Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo. 12Mawu, ame si na be yeƒe Ŋkɔ nanɔ afi ma la, naɖe fia le zi dzi alo dukɔ si akɔ eƒe asi dzi be yeatrɔ sedede sia alo agbã gbedoxɔ sia le Yerusalem.

Nye Darius de se sia. Ele be woawɔe kple mo vevi ɖoɖo.

Gbedoxɔ la nu wuwu kple eŋutikɔkɔ

13Le sedede si Fia Darius ɖo ɖa ta la, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo, Setar Bozeni kple wo ŋutimewo wɔ sedede la menyawo dzi kple mo vevi ɖoɖo. 14Ale Yuda dumegãwo yi xɔa tutu dzi, eye to Nyagblɔɖila Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimevi ƒe mawunyagbɔgblɔ me la, nuwo dze edzi nyuie. Le Israel ƒe Mawu kple Sirus, Darius kple Artazerses, Persia fiawo ƒe sededewo nu la, wowu gbedoxɔ la tutu nu. 15Wowu enu le dzinu Adar ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi le Fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia me.

16Tete Israel dukɔ la katã, nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo gbɔ tso aboyome la ɖu Mawu ƒe aƒe la ŋuti kɔkɔ ƒe azã la kple aseyetsotso. 17Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka (100), agbo alafa eve (200) kple alẽvi alafa ene (400) sa vɔe le gbedoxɔ la ŋuti kɔkɔ me, eye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe Israel blibo la ta ene la, wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu sa vɔe, 18eye woɖo nunɔlaawo ɖe woƒe hatsotsowo me kple Levitɔwo ɖe woƒe memamawo me hena Mawu ƒe dɔwo wɔwɔ le Yerusalem, ɖe nu si woŋlɔ ɖe Mose ƒe Agbalẽ la me nu.

Ŋutitotoŋkekenyui la

19Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, aboyometsolawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la. 20Nunɔlaawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, ale wo katã wonɔ kɔkɔe le se la nu. Levitɔwo wu Ŋutitotolẽvi la na aboyometsolawo katã, wo nɔvi nunɔlawo kple woawo ŋutɔ ɖokuiwo. 21Ale Israelvi siwo katã gbɔ tso aboyome la ɖui kple ame siwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso trɔ̃subɔla siwo dome wole ƒe kɔnyinyiwo me, be woadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 22Woɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyui la kple aseyetsotso, elabena Yehowa tsɔ dzidzɔ yɔ woƒe dziwo me, eye wòna Asiria fia ƒe dɔ me trɔ ɖe wo ŋu, wòkpe ɖe wo ŋu le Israel ƒe Mawu la ƒe aƒe la ƒe dɔwo me.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Conclusão e dedicação do Templo

  • Embora o rei Dario tenha ordenado uma busca nos arquivos da Babilônia, o decreto original de Ciro autorizando a reconstrução do templo foi encontrado na fortaleza de Ecbátana, na província da Média, onde Ciro mantinha uma residência real.Fontes: o próprio texto bíblico · Ecbatana
  • Tatenai, o governador persa da região a oeste do Eufrates que havia investigado a obra, recebeu ordens de Dario para custear integralmente a construção e fornecer animais para os sacrifícios diários a partir dos impostos recolhidos em sua província.Fontes: o próprio texto bíblico · Tatnai
  • O templo foi concluído no sexto ano de Dario mediante o ministério profético de Ageu e Zacarias, e sua dedicação foi celebrada com sacrifícios jubilosos, incluindo doze bodes que representavam todas as tribos de Israel.Fontes: o próprio texto bíblico · Haggai · Zechariah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Babylonia · 32.543, 44.422 · versículo 1
  • Ecbatana · Hoje: Tell Hagmatana · 34.806, 48.516 · versículo 2
  • Media · 34.806, 48.516 · versículo 2
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 3, 5, 9, 12, 18
  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 5
  • Beyond the River · 31.777, 35.234 · versículos 6, 8, 13
  • Euphrates · Hoje: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 6
  • Persia · 34.806, 48.516 · versículo 14
  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículo 22

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.