Esdras 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Wotsi tsitre ɖe gbedoxɔ la tutu ŋu
1Esi Yuda kple Benyamin ƒe futɔwo se be ame siwo trɔ gbɔ tso aboyome la le gbedoxɔ tum na Yehowa, Israel ƒe Mawu la la, 2wova Zerubabel kple ƒometatɔwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Mina míatui kpli mi, elabena míesubɔa miaƒe Mawu la abe miawo ke ene, eye tso Asiria fia, Esarhadon, ame si kplɔ mi va afi sia ƒe ɣeyiɣiwo me ke míesa vɔ nɛ.”
3Ke Zerubabel, Yesua kple Israel ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ɖo ŋu na wo be, “Miakpɔ gome le gbedoxɔ tutu na míaƒe Mawu la me o. Míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si Persia fia, Sirus de see na mí ene.”
4Tete ame siwo nɔ anyigba dzi ƒo xlã wo la ɖe dzi le Yudatɔwo ƒo si wɔe be wovɔ̃ na gbedoxɔ la dzi yiyi. 5Wona zãnu dudzikpɔlawo be woatsi tsitre ɖe wo ŋu, eye woatɔtɔ woƒe ɖoɖowo me le Persia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo katã me va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɣiwo ke.
Tsitretsitsi si va le Ahasuerus kple Artazerses ƒe fiaɖuɣiwo me
6Le Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, wova tso Yuda kple Yerusalem nɔlawo nu.
7Eye le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Bislam, Mitredat, Tabeel kple wo ŋutime bubuwo ŋlɔ agbalẽ na Artazerses. Woŋlɔ agbalẽ la kple Aramaik alfabeta ɖe Aramaikgbe me.
8Rehum dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai, ŋlɔ agbalẽ tsi tsitre ɖe Yerusalem ŋu na Fia Artazerses. Agbalẽa me nyawoe nye:
9Rehum, dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai kple dɔnunɔla bubuwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dudzikpɔla siwo kpɔa Tripoli, Persia, Erek kple Babilonia kple Elamtɔ siwo le Susa dzi, 10hekpe ɖe ame siwo bubutɔgã, Asurbanipal nya ɖo ɖe Samaria kple Frat tɔsisi la godo ŋu.
11Esia nye agbalẽ si woŋlɔ nɛ la me nya.
Na: Fia Artazerses.
Tso: Wò dɔla siwo le Frat tɔsisi la godo gbɔ.
12Fia nenyae be, Yudatɔ siwo tso gbɔwò va mía gbɔ la yi Yerusalem, eye wogbugbɔ du dzeaglã, vɔ̃ɖi la le tsotsom. Wole gliawo flɔm ɖe dzi, eye wole gɔmeɖokpe siwo gbã la ɖɔm ɖo.
13Gawu la, fia la nenya be ne wogbugbɔ du sia tso, ɖɔ eƒe gliwo ɖo la, ekema woagbe adzɔhowo, nudzɔdzɔwo kple mɔtahowo xexe, eye fiasã la ƒe gakotoku aɖi gbɔlo. 14Azɔ la, esi wònye míaƒe dɔdeasie wònye na fiasã la, eye menyo be miazi kpi woaɖe bubu le fia la ŋu o ta la, míele gbe ɖom ɖe wò be wòanɔ nyanya na fia la, 15eye wòatsa le ame siwo ɖu fia do ŋgɔ na wò ƒe nyaŋlɔɖiwo me. Àkpɔe le nyaŋlɔɖiawo me be du sia nye du dzeaglã si ɖea fu na fiawo kple nutometɔwo, teƒe si aglãdzedze le tso keke blema ke. Esia tae wogbã du sia ɖo. 16Míena nyanya fia la be, ne wotso du sia, eye woɖɔ eƒe gliwo ɖo la, naneke magasusɔ na wò le Frat tɔsisi la godo o.
17Esiae nye fia la ƒe ŋuɖoɖo na agbalẽ la:
Na: Rehum dudzikpɔlagã, agbalẽŋlɔla, Simsai kple woƒe kpeɖeŋutɔ siwo le Samaria kple Frat tɔsisi la godo;
Medo gbe na mi,
18Woxlẽ agbalẽ si mieɖo ɖe mí la na mí, eye woɖe egɔme hã na mí le ŋkunye me. 19Meɖe gbe, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxoawo me heke ɖe eŋu be, tso gbe aɖe gbe ke la, du sia tsona ɖe fiawo ŋu, eye wònye aglãdzedze kple amemabumabu teƒe. 20Fia siwo ɖo ŋusẽ geɖe la nɔ Yerusalem kpɔ, eye woɖu anyigba siwo katã le Frat tɔsisi la godo dzi, woxea nudzɔdzɔ, adzɔhowo kple mɔtahowo na wo. 21Azɔ la, de se na ŋutsu siawo be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ, ale be womagbugbɔ du sia atso o va se ɖe esime maɖe gbe hafi. 22Mikpɔ nyuie be mietsɔ nya sia vevie. Nu ka wɔ miazi kpi be, ŋɔdzidodo sia nayi ŋgɔ, agblẽ fiaɖuƒe la ƒe ŋgɔyiyi me?
23Ke esi woxlẽ fia Artazerses ƒe agbalẽ la na Rehum, agbalẽŋlɔla Simsai kple wo ŋutime mamlɛawo la, wotso zia enumake heyi ɖe Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wozi wo dzi kple ŋusẽ be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ.
24Ale dɔ si wɔm wonɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu le Yerusalem la tɔ va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me.
Você sabia?
Oposição à reconstrução em Jerusalém
- Quando os exilados que retornaram começaram a reconstruir o templo, os povos vizinhos se ofereceram para ajudar, afirmando que sacrificavam a Deus desde que o rei Esar-Hadom da Assíria os havia reassentado na região. Quando Zorobabel e os líderes judeus recusaram a oferta, esses vizinhos passaram a se opor ativamente ao projeto e a intimidar os construtores.Fontes: o próprio texto bíblico · Zerubbabel · Esar-haddon
- Líderes da oposição, incluindo o comandante Reum e o escriba Sinsai, enviaram uma carta em aramaico ao rei Artaxerxes, alertando que a reconstrução de Jerusalém resultaria em perda de impostos e rebelião. Artaxerxes consultou os registros reais, confirmou revoltas passadas e ordenou que a obra fosse interrompida à força até o reinado do rei Dario da Pérsia.Fontes: o próprio texto bíblico · Rehum · Shimshai · Artaxerxes
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículo 2
- Persia · 34.806, 48.516 · versículos 3, 5, 7, 9, 24
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 6, 8, 12, 19, 20, 23, 24
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 9, 12
- Elam · 32.189, 48.258 · versículo 9
- Erech · Hoje: Uruk · 31.322, 45.636 · versículo 9
- Susa · Hoje: Shush · 32.189, 48.258 · versículo 9
- Beyond the River · 31.777, 35.234 · versículos 10, 11, 16, 17, 20
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 10, 17
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org